4 Etsɔa ya wɔa eƒe dɔlawoe kple dzo flafla wɔa eƒe subɔlawoe.
4 Yae nye eƒe dɔtsɔlawo, eye dzo ƒe aɖewo nye eƒe dɔlawo.
Esime wogale nu ƒom le yiyim la, kpɔ ɖa, dzotasiaɖam kple dzosɔwo va klã woa kple eve la dome, eye Eliya to ahom me yi dziƒo.
Eye Elisa do gbe ɖa gblɔ bena: Yehowa, ʋu eƒe ŋkuwo, ne woakpe nu! Tete Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ nu, eye kpɔ ɖa dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le to la ŋu kpaŋkpaŋ ƒo xlã Elisa.
mi dzo kple dzikpe, sno kple adzudzɔ kpakple ahom, si wɔa eƒe gbe dzi;
Eye nane le nu gbagbeawo domee le abe dzoka ene hele bibim abe akakati ene, dzo la le faflam le nu gbagbeawo domee, eye eme kɔ keŋkeŋ, eye dzikedzo do tso dzoa me.
Mawudɔla la ɖo ŋu gblɔ nam bena: Woawoe nye dziƒo ƒe ya eneawo, siwo tso, esime wotsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me megbe.
Elabena zadukitɔwo gblɔna bena, tsitretsitsi meli o, eye mawudɔla kple gbɔgbɔ hã meli o; gake farisitɔwo ʋua woa kple eve la me.
Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?
Eye wògblɔ le mawudɔlawo ŋuti bena: „Etso eƒe dɔlawo wɔ yawo, eye wòtsɔ eƒe subɔlawo wo dzo ƒe aɖewo;“