Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 104:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Etsyɔa kekeli abe avɔ ene, eye wòkekea dziƒo abe agbadɔvɔ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Etsyɔ kekeli abe avɔ ene, ehe dziƒo me abe avɔgbadɔ ene,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 104:2
11 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, ekeke kekeli ɖe eɖokui dzi, eye wòtsɔ afu, si ɖo tso atsiaƒu me la, tsyɔ eɖokui dzi.


Eya ɖeka keke dziŋgɔli me, eye wòzɔ ƒu dzeagbo dzi.


Eya, amesi le xexeame godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, amesi he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene, be yeanɔ eme;


Nyee wo anyigba, eye mewo ame ɖe edzi. Nye asie he dziƒo me, eye meɖo eŋu nuwo katã.


Meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotsɔ fiazikpui li anyi eye amegã ɖeɖia ɖe bɔbɔ nɔ edzi, eƒe avɔ fu tititi, eye eƒe taɖa le abe ɖetifu, si me dza la ene, eƒe fiazikpui la nye dzoƒaɖe, eye tasiaɖamfɔ, siwo le eŋu la, nye dzobibi.


Keklẽ ɖo abe ɣe tɔ ene, keklẽ le eƒe axa dzi, eya mee eƒe ŋusẽ be ɖo.


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Israel ŋu; Ale Yehowa, amesi keke dziƒo me, amesi ɖo anyigba gɔme anyi, eye wòwɔ gbɔgbɔ de amegbetɔ me la, gblɔ esi;


Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene?


amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.


Eye gbedasi, si miese tso egbɔ, eye míeɖea gbe ƒã na mi la, enye esi bena, Mawu enye kekeli, eye vivitía ɖeke mele eme o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa