Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 103:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amesi tsɔa wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ame si tsɔ wò vodadawo katã kea wò, eye wòdaa gbe le wò dɔlélewo katã ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 103:3
27 Mawu Ofanana  

Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o.


Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.


Eye wòaɖe Israel atso eƒe vodadawo katã me.


eya, amesi ɖaa gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye woblaa woƒe abiwo.


Mado wò ɖe dzi, Yehowa, elabena wòe hem ɖo goe, eye mèna be, nye futɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe ŋunye o.


Nye futɔwo katã le nu dem tenye, eye wole nusi nye nye dzɔgbevɔ̃e la susum ɖe ŋunye be:


Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


gblɔ bena: Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nusi nyoa eŋu, lé to ɖe eƒe seawo ŋu, eye nèwɔ eƒe ɖoɖowo katã dzi la, ekema nyemate fukpekpe, siwo katã mena wova Egiptetɔwo dzi la, ava dziwò o; elabena nye Yehowa enye wò dɔyɔla.


amesi dzia amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wotsɔa vodada, dzidada kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o, boŋ etua fofowo ƒe vodadawo ŋuti le na viwo kple wo viwo ƒe viwo, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.


Duametɔa ɖeke nagblɔ be, yele dɔ lém o; wotsɔ vodada ke amesiwo le eme.


Kpɔ ɖa, veve zu xɔname nam, ètsɔ lɔlɔ̃ he nye luʋɔ tso gbegblẽ ƒe do me, elabena ètsɔ nye nuvɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Ke wode abi eŋu le míaƒe dzidadawo ta, eye wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta. Miaƒe ŋutifafa ƒe tohehe le edzi, eye eƒe kabiwo wotsɔ yɔ dɔ mí.


Yehowa, yɔ dɔm, ne mahaya, xɔ nam, ne woaɖem, elabena wòe nye nye kafukafu.


Tete Mose ɖo ɣli na Yehowa bena: Ao, yɔ dɔe dzro!


Eye esi Yesu kpo woƒe xɔse la, egblɔ na lãmetututɔ la bena: Vinye, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò.


amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu,


Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewo nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa