2 Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye megaŋlɔ eƒe nyuiwɔwɔwo katã be o!
2 O! Nye luʋɔ, kafu Yehowa, eye mègaŋlɔ nu nyui siwo katã wòwɔ na wò la be o.
Ke Xizkiya mezɔ ɖe dɔmenyo, si wòwɔ nɛ la nu o, ke boŋ ede asi dada me, eyata dɔmedzoe va eya kple Yuda kpakple Yerusalem dzi.
Miɖo ŋu eƒe nukunu, siwo wòwɔ, eƒe dzesiwo kple eƒe nu me fiatsotsowo!
Woƒe ŋku dzo le Mawu, woƒe xɔnametɔ ta dzi, amesi wɔ nu gãwo le Egipte,
Mía fofowo melé ŋku ɖe wò nukunuwo ŋule Egipte o, womeɖo ŋu wò amenuveve geɖeawo o, eye wosẽ to le ƒu la nu, le Avaƒu la nu.
Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?
Amekae nye esi tso Edom gbɔna, eye wole awu dziwo me tso Bozra, amesi tsɔ eƒe awuwo ɖo atsyɔ̃e, eye wòle yiyim le eƒe ŋusẽ geɖe la me? Nyee nye amesi ƒoa nu ɖe eteƒe, eye xɔname bɔ ɖe asinye.
Makafu Yehowa ƒe amenuveve kple Yehowa ƒe ŋkɔxɔxɔ le nusiwo katã Yehowa wɔ na mí la nu kpakple eƒe dɔmenyo gbogbo, siwo wòwɔ na Israel ƒe aƒe la le eƒe nublanuikpɔkpɔ kple eƒe amenuveve geɖe la nu.
Eɖe ŋu ɖi le agakpe, si dzi wò la ŋu, eye nèŋlɔ Mawu, si ƒe dɔme nèdzɔ tso la be.
Dukɔ dzɔlã kple bometsila, ale nèle akpe da mi na Yehowa? Alo menye eya nye fofowò, si wɔ wò oa? Eya ŋutɔe wɔ wò, eye wòɖo wò te.
ekema kpo nyuie, bena mãgaŋlɔ Yehowa, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me, le Egipte-nyigba dzi la be o.
Esi aʋafiawo dze Israel ŋgɔ, eye dukɔ la lɔ̃ faa ŋuti la, mikafu Yehowa!
Nye dzi enye Israel ƒe tatɔwo kple amesiwo lã faa le dukɔa dome la to. Mikafu Yehowa!