16 Elabena ne ya ƒo to edzi la, meganɔa anyi o, eye eteƒe megadzea sii o.
16 ya ƒona toa edzi, eye meganɔa anyi o, womegaɖoa ŋku eteƒe gɔ̃ hã dzi o.
Esi Henox zɔ kple Mawu ta la, ebu vĩ, elabena Mawu kplɔe dzoe.
Ke ne ŋutsu ku la, emlɔa anyi drana ɖi, eye ne amegbetɔ mia nu la, afika wògale?
Ŋku, si kpɔe la, magakpɔe akpɔ o; eye enɔƒe hã magakpɔe o.
Miƒu to anyi, amea ɖe le gbɔgblɔm be: De gbe ƒã! Tete megblɔ be: Nya ka tsɔ ge mala aɖe gbe ƒã lae? Ŋutilãwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ̃ le abe seƒoƒo le gbe me ene.
Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖee. Nyateƒe, gbe enye dukɔ la!