Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 103:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Alesi ɣedzeƒe didi tso ɣetodoƒe gbɔe la, nenema wòte mía dzidadawo da boo tso mía gbɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Abe ale si ɣedzeƒe didii tso ɣetoɖoƒe gbɔ ene la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa tso mía gbɔe.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 103:12
14 Mawu Ofanana  

Eye Dawid gblɔ na Natan bena: Mewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Natan gblɔ na Dawid bena: Yehowa hã ɖe wò nuvɔ̃ la ɖa; mele kuku ge o.


Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ tso ɣedzeƒe vaseɖe eƒe toɖoƒe!


Asaf ƒe ha. Mawu, Yehowa, ŋusẽkatãtɔ la le nu ƒom, eye wòle xexeame yɔm tso ɣe ƒe dzedze me vaseɖe eƒe loɖoɖo me.


Kpɔ ɖa, veve zu xɔname nam, ètsɔ lɔlɔ̃ he nye luʋɔ tso gbegblẽ ƒe do me, elabena ètsɔ nye nuvɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.


Nyee, nyee atutu wò dzidadawo ɖa le nye ŋutɔ ɖokuinye ta, eye nyemaɖo ŋu wò nuvɔ̃wo o.


Mena wò dzidadawo bu abe atu ene kple wò nuvɔ̃wo abe alilikpo ene; trɔ va gbɔnye, elabena meɖe wò.


ne wòadze sii tso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe be, amea ɖeke mekpe ɖe ŋunye o. Nyee nye Yehowa, ɖeke megali o,


Amea ɖeke magafia nu xɔlɔ̃via kple nɔvia agblɔ be: „Dze si Yehowa“ o, elabena wo katã wòadze sim tso ɖeviwo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, Yehowa ye gblɔe; elabena matsɔ woƒe vodadawo ake wo, eye nyemagaɖo ŋu woƒe nuvɔ̃wo azɔ o.


Yehowa be: Le ŋkeke mawo me, le ɣemaɣi la woadi Israel ƒe vodada, ke manɔ anyi o, eye womagakpɔ Yuda ƒe nuvɔ̃wo o, elabena matsɔe ake amesiwo makpɔtɔ ɖi.


Womagaɖo ŋu eƒe dzi, siwo katã wòda la o, ke boŋ ana agbe le eƒe nu dzodzoe, siwo wòwɔna la ta.


Mawu kae ɖe nuwò? Wò amesi tsɔa vodada kena, eye mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlea ƒe dzidada ŋu o; meléa dɔmedzoe ɖe ɖɔ me ɖikaa o, eye amenuveve ƒe nu dzea ŋuwò.


Agakpɔ nublanui na mi, àxɔ aɖi le miaƒe vodadawo si, eye wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.


ɖe mele nenema o la, ne womadzudzɔ vɔsasa, le esi wokɔ amesiwo nɔa Mawu subɔm la ŋuti zi ɖeka, ale bena nuvɔ̃wo nyanyaa ɖeke maganɔ wo ŋu o la ta o mahã?


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa