Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 102:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Dukɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye anyigbawo dzi fiawo avɔ̃ wò ŋutikɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Elabena Yehowa agbugbɔ Zion atso, eye wòado le eƒe ŋutikɔkɔe me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 102:16
17 Mawu Ofanana  

Yehowa tsoa Yerusalem, eƒoa Israel ƒe amesiwo woka hlẽ la, nu ƒu;


Elabena mèdia akpedavɔsa o, anye ne mana wò; numevɔsa hã medzea ŋuwò o!


Dziƒo kple anyigba, atsiaƒu kpakple nusiwo katã ʋãna le eme, mikafui!


Dziƒowo de gbe ƒã eƒe dzɔdzɔenyenye, eye dukɔwo katã kpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.


Esia nye ta me, si woɖo ɖe anyigba blibo la ŋu, eye esia nye alɔ, si wodo ɖe dzi ɖe dukɔwo katã ŋu.


Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe, elabena ele vava ge abe tɔsisi, si xaxa, eye Yehowa ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.


Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.


Kedar ƒe lãhawo katã aƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye Nebayot ƒe agbowo asubɔ wò; woava nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye, eye mawɔ leke na nye atsyɔ̃xɔ la.


ne mata avɔ na Zion ƒe konyifalawo, mana atsyɔ̃ɖoɖo wo ɖe dzowɔ teƒe, dzidzɔmi ɖe konyifafa teƒe, atsyɔ̃vɔ ɖe gbɔgbɔ, si nu ti kɔ na teƒe, eye woayɔ wo be „dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo“, „Yehowa ƒe atibɔ“, si wòbe, yeatsɔ ade bubu eɖokui ŋu.


Ke nye la, menya woƒe nuwɔwɔwo kple tameɖoɖowo. Azã su, be woaƒo dukɔwo katã kple aɖe wo nu ƒu, eye woava akpɔ nye ŋutikɔkɔe la.


Ɖetugbi Israel, magatso wò, eye natsi tsotso; àgakpla wò asiʋuiwo, eye aɖo dzidzɔkpɔlawo ƒe to me;


mana Yuda kple Israel ƒe aboyomewo nagatrɔ agbɔ, eye maɖo wo te abe tsã ene,


Mienyã nye ɖukɔ ƒe nyɔnuwo ɖa le woƒe xɔ, siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la me, eye miexɔ atsyɔ̃ le wo viwo si ɖikaa.


Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa