Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 100:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena Yehowa ƒe dɔme nyo, eƒe amenuveve li tegbee kple eƒe nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Elabena Yehowa nyo, eye eƒe lɔlɔ̃ li ɖaa; nenema kee eƒe nuteƒewɔwɔ hã nɔa anyi tso dzidzime yi dzidzime.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 100:5
31 Mawu Ofanana  

Mido akpe na Yehowa, elabena eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


esime kpẽkulawo kple hadzilawo kafu Yehowa, eye woda akpe ne zi ɖeka yoo, esime kpẽawo, gakogoeawo kple hadzinuawo ɖi sesĩe, eye esime wokafu Yehowa be: eƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee la, tete alilikpo yɔ Yehowa ƒe xa la;


Wodzi kafukafuha kple akpedaha na Yehowa be. Eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee ɖe Israel dzi Eye ɖukɔ blibo la tso aseye sesie, esime wole Yehowa kɔfum, le esi woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi ŋuti.


Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo,


Mikafu Yehowa! Miɖa akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


Mida akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee!


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


woawo nesa akpedavɔ, eye woatsɔ aseyetsotso axlẽ eƒe dɔwɔwɔwo afia!


Woawo neda akpe na Yehowa le eƒe amenuveve kple eƒe nukunu, siwo wòwɔ na amegbetɔviwo la ta!


Wò dɔme nyo, eye nèwɔa nu nyui, fia wò ɖoɖowom.


Yehowa awɔe aɖe goe nam. Yehowa, wò amenuveve li tegbee; megagblẽ wò asinudɔwɔwɔwo ɖi o.


eya, amesi wɔ dzi kple anyi, atsiaƒu kple nusiwo katã le eme, eya, amesi léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi tegbee;


Yehowa ƒe dɔme nyo, eye wòwɔa nuteƒe, elabena afiaa mɔ nuvɔ̃wɔlawo.


Enɔa nu vlo ŋu bum le eƒe aba dzi, etsɔa eɖokui ɖoa mɔ, si menyo o la dzi, eye metsria nu vɔ̃ɖi o.


Dawid ƒe nufiameha na henɔ la,


Nyateƒe, eƒe xɔname tsɔ ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la gbɔ, ne bubu nanɔ míaƒe anyigba ŋu.


Elabena Aƒetɔ, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na amesiwo katã yɔa wò la.


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.


Yehowa ƒe dɔme nyo, enye sitsoƒe le xaxagbe, eye wònya amesiwo ɖoa dzi ɖe eŋu.


Eye eƒe nublanuikpɔkpɔ li tso dzidzime vaseɖe dzidzime na amesiwo vɔ̃nɛ.


Eyata nyae bena, Yehowa, wò Mawu la, Mawu vavã kple Mawu anukwaretɔ wònye, amesi wɔa eƒe nubabla kple nublanuikpɔkpɔ dzi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye wowɔa eƒe se dzi la, vaseɖe dzidzime akpe dzi;


ɖe agbe mava ƒe nukpɔkpɔ ŋu, si Mawu, amesi meka aʋatso o la, do ŋugbe, hafi ɣeyiɣi mavɔmavɔwo dze gɔme;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa