Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 100:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Misuhɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsotso do ɖe eŋku me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ, eye mitsɔ aseyetsohawo do ɖe eŋkume.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 100:2
15 Mawu Ofanana  

Le ŋkeke enyiagbe la edo mɔ dukɔ la, woyra fia la, eye woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, siwo katã Yehowa wo na eƒe dɔla Dawid kple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.


Tete fia Xizkiya kple amegãwo ɖo na Lewi-viwo be, woatsɔ Dawid kple nukpɔla Asaf ƒe nyawo adzi kafukafuhawo na Yehowa. Wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ, eye wode ta agu hedo gbe ɖa.


Eye Xizkiya ɖo nusiawo kple Lewi-viwo ƒe hawo. Nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe hawo dome ɖesiaɖe le eƒe da nu ɖe numevɔsa kple akpedavɔsa ŋu, eye woasubɔ, woada akpe, eye woakafu le Yehowa ƒe asaɖa la ƒe agbowo nu.


Nye aɖatsiwo zu nuɖuɖu nam zã kple keli, esi wole gbɔgblɔm nam edziedzi be: Afika gɔ̃ wò Mawu la le?


Nye nuyiwo kple nye luʋɔ, si nèɖe la, atso aseye, ne mele saŋku ƒom na wò.


Mina míatsɔ akpedada ado ɖe eƒe ŋku me, eye míatsɔ kafukafuhawo atso aseye ɖe eŋu.


eye mia kple mia viŋutsuwo kpakple mia vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kpakple Lewitɔ, siwo le miaƒe du me, amesiwo mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe mia ŋu o la, míakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu, ŋku me.


Eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me, kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le dowòme la, miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nano la.


eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewito kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le wò duwo me la, miakpɔ dzidzɔ le wò ŋkekenyuie la dzi.


Esi nu do sɔ gbɔ ɖe asiwò, eye mèkɔ mo hesubɔ Yehowa, wò Mawu la faa tso dzi me o la,


Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa