Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 100:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Akpedada. Anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Mi anyigbawo katã, mido dzidzɔɣli ɖe Yehowa ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 100:1
18 Mawu Ofanana  

Dawid ƒe kafukafuha. Nye Mawu, medo wò de dzi, wò fia, eye makafu wo ŋkɔ daa tegbee.


Míkpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo! Migli kple dzidzɔ, mi amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka!


Korax viwo ƒe ha na henɔ la.


Etia míaƒe domenyinu na mí, si nye Yakob, amesi wòlɔ̃na la, ƒe adegbeƒonu. Sela.


Ha na henɔ la. Mí anyigbawo katã, mitso aseye na Mawu!


Anyigbawo katã ade ta agu na wò, eye woadzi kafukafuha na wò, woadzi kafukafuha na wò ŋkɔ. Sela.


Mawu, dukɔwo akafu wò, wòe dukɔwo katã woakafu.


Amegãwo atso Egipte ava, eye Kus aɖe abla aɖo asi ɖe dzi na Mawu.


Mi anyigbawo katã, mitso aseye ɖe Yehowa ŋu, aseyetsotso neɖi le mia nu, eye midzi kafukafuha!


Zion-nyɔnuvi, tso aseye, Israel, ɖo ɣli; Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ, natso aseye tso dzi blibo me!


Yehowa anye fia ɖe anyigba blibo la nu; ɣemaɣi la Yehowa ɖeka ko anɔ anyi, eye ŋkɔ ɖeka ko anɔ eŋu.


Ke esi wògogo va do afisi woɖia Amito la ƒe abu lena la, nusrɔ̃lawo ƒe ha blibo la katã de asi dzidzɔkpɔkpɔ kple mawukafukafu me kple gbe sesẽ le ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo katã wokpɔ la ŋuti


Eye wògagblɔ be: „Dzi nedzɔ mi trɔ̃subɔlawo hekpe ɖe eƒe dukɔ ŋuti.“


Mi dukɔwo mitso aseye ɖe eƒe dukɔ ŋu, elabena ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dolawo ƒe ʋu nu; ebia hlɔ̃ eƒe futowo, eye wòlé avu na eƒe anyigba kple eƒe dukɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa