Wò Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, wò eƒe xɔnametɔ le hiãɣi, nukaŋuti nèbe, yeanɔ anyigba la dzi abe amedzro ene, eye abe mɔzɔla, si tu eƒe agbadɔ, be woatsi adɔ la ene?
Nukaŋuti nèbe, yeanɔ abe ŋutsu, si ƒo dzi ɖe le kple kalẽtɔ, si mate ŋu axɔ na ame o la ene? Yehowa, èle mía dome, eye woyɔa wò ŋkɔ de mía ŋu, màgagblẽ mí di o!