Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 1:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Eya amea ɖi ati si wodo ɖe tɔʋuwo to, esi tsea ku le etseɣi, melũa xe o, eye nu sia nu si wòwɔna la, edzea edzi nyuie.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 1:3
32 Mawu Ofanana  

Eye gaxɔdzikpɔla metsɔ ɖeke le nusi wòwɔna la me o, elabena Yehowa li kplii, eye nusianu, si wòwɔ na la Yehowa na wòdzea edzi nɛ.


Esi eƒe aƒetɔ kpɔ bena, Yehowa li kplii, eye Yehowa na nusianu, si wòwɔna, dzea edzi nɛ la,


Eye Yehowa nɔ kplu, afisiafi, si wòyi la, edzea edzi nɛ Eye wòdze aglã ɖe Asur-fia ŋu, eye megasubɔe o.


Eyata vinye, Yehowa ana kpli wò, natu Yehowa, wò Mawu ƒe xɔ la aɖe goe dedie, abe alesi wògblɔ ɖe ŋuwò ene.


Ne èlé ɖoɖo kple kɔnu, siwo Yehowa ɖo na Mose hena Israel-viwo la me ɖe asi, eye nèwɔ wo dzi la, ekema akpɔ dzagbenyuie. Sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo, megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o!


Eye nusiwo katã gome wòdze le Mawu ƒe a ƒe ŋu dɔwo me le nufiafia kple se la nu, be wòatsɔ aɖi eƒe Mawui la, ewɔe kple eƒe dzi blibo, eye wòdze edzi nɛ.


Ame geɖewo he nunanawo va Yerusalem na Yehowa kple nu xɔasiwo na Yuda-fia Xizkiya. Tso ekema dzi la eƒe ŋkɔ ɖe du le dukɔwo katã dome.


tsi ƒe ʋeʋẽ nana be, wògadzena, eye wòtoa alɔ abe atilɔ mumu, si woɖo ene.


Ne èɖo nane ɖe tame la, adze edzi na wò, eye kekeli aklẽ ɖe wò mawo dzi.


Aɖu wò ŋutɔ asiwò me nu; woayra wo, tɔwò me nyo.


Eye amesiwo tso eme va yina la, magblɔ be: „Yehowa ƒe yayra nenɔ mía dzi, míeyra mi le Yehowa ƒe ŋkɔ me“ o.


Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.


Woatse ku le tsitsime ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama


Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o.


Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.


ne woamie abe gbe ene, abe amuti le tɔ to ene.


ekema Yehowa akplɔ wò ɖaa, eye wòaɖi ƒo na wò le kuɖiɖinyigba dzi, aɖe agbe wò ƒuwo me, eye ànɔ abe abɔ, si wode tsii, kple tsidzɔƒe, si ƒe tsiwo memiena o la ene.


Eyama le abe ati, si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene; ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, eye eƒe aŋgbawo dea ama; ne ku ɖi hã, metsia dzimaɖi o, eye wonɔa tsetse dzi ɖaa.


evɔ wònye agblewɔnu mee wodoe ɖo le tɔ gãwo to, be wòaɖe alɔ, atse ku, eye wòazu weinka nyui hafi.


Dawò nye weinka wodo ɖe to to abe wò ene, etse fũ, eye wòto aŋgba mlamlamla le tsi geɖe ta.


Eyata wòkɔ wu gbemetiwo katã, eƒe alɔwo sɔ gbɔ, eye wodidi, elabena ekpɔ tsi geɖe, ne wòavu eɖokui.


Ati tseku vovovowo amie ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi, woƒe aŋgbawo mayrɔ o, eye woƒe tsetsewo nu matso o; woatse ku yeye ɣleti sia ɣleti, elabena kɔkɔeƒe la woƒe tsi dzo tso; woƒe tsetse anye nuɖuɖu, eye woƒe aŋgbawo anye dɔyɔgbe.


Ele abe alesi tɔʋu mlo ɖe nu le bali me ene; eye wòɖi aba le tɔsisi to, ele abe aloeti, siwo Yehowa do ene, eye wòɖi seder le to to.


ke esi ɣe dze la, ŋdɔkutsu ɖu wo, eye esi ke meli na wo o ŋuti la, woyrɔ.


Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le ma to la, ete ɖe eŋuti, ke mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, eye wògblɔ nɛ bena: Tso esia dzi yina la megale tsetse ge halase tegbetegbe o. Eye enumake gboti la yrɔ sũ.


Eye esi kutseɣi ɖo la, edo eƒe dɔlawo ɖo ɖe agbledelawo gbã, bena woaxɔ eƒe kutsetsewo vɛ.


Wogblɔ ne bena: Atsrɔ̃ ame vlo siawo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ weingble la ade asi na agbledela bubu, siwo atsɔ kutsetsewo nɛ ɖe woƒe ɣeyiɣi nyuiwo dzi.


Ne amea ɖe menɔ menye o la, woatsɔe aƒu gbe abe weinti ƒe alo ene, eye woaƒu, eye woaƒo wo nu ƒu, eye woatɔ dzo wo, eye woafia.


Yehowa ana yayra nanɔ wò ava kple nusiwo katã netsɔ asi wɔ ɖɔ kpɔ la dzi, eye woayra wò le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi.


Amesiawo nye ɖiƒoƒo le miaƒe lɔlɔ̃nuɖuɖuwo me, esi woɖua nutsu nyia wo ɖokui le mia gbɔ vɔvɔ̃ manɔmee; alilikpo tsi manɔme, siwo ya ƒona yina gbɔna la, wonye; ati, siwo dzi kutsetse menɔa le nuŋeɣi o, siwo ku zi eve, eye woho wo,


Eye ɖe tɔsisi la ƒe goawo kple eve dzi la agbeti ti, si tsea ku wuieve, eye wotsena le ɣleti sia ɣleti, eye atiawo ƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa