eɖanye Paulo o, eɖanye Apolo o, eɖanye Kefa o, eɖanye xexeame o, eɖanye agbe o, eɖanye ku o, eɖanye nusi li fifi alo nusi le vava ge o; nuwo katã nye mia tɔ,
Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la.
Mele agbe, gake meganye nyee le agbe o, ke boŋ Kristo ye le agbe le menye; ke nusi ƒe agbe mele le ŋutilã me azɔ la, mele agbe le Mawuvi, si lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye la, ƒe dzixɔxɔse me.
Ke nye la megava me nam bena, maƒo adegbe o, negbe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ŋuti ko, amesi me woto klã xexeame ɖe atitsoga ŋu nam, eye nye hã woklãm ɖe atitsoga ŋu na xexeame.
le nye lala vevie kple mɔkpɔkpɔ la nu be, ŋu nagakpem le naneke me o, hafi boŋ metsɔa dzideƒo blibo la katã bena, alesi wònɔna ɖaa la, nenema ke wòano fifia hã, be woawɔ Kristo gã ɖe nye ŋutilã ŋuti, eɖanye agbe me alo ku me o.