Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Obadia 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Wò dzoɖuxɔlɔ̃wo katã nyã wò vaseɖe liƒo dzi ke, xɔ̃wòwo ble wò, eye wokpe dziwò; wò aboloɖulawo ɖo mɔ̃ ɖe tewò, ke mèdze sii o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ame siwo le dziwò la, anya wò ɖe nu va se ɖe wò liƒowo dzi ke, xɔ̃wòwo able wò eye woaɖu dziwò. Ame siwo ɖua wò abolo la, atre mɔ na wò, ke mànyae be mɔ le afi ma o.

Onani mutuwo Koperani




Obadia 1:7
16 Mawu Ofanana  

Xɔ̃nye kekeake, amesi ŋu meɖoa ŋu ɖo, eye wòɖua nye abolo la, kɔ afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.


Wolɔ gbegblẽ trɔ ɖe edzi, emlɔ anyi, eye magafɔ akpɔ o!


Ne woƒe alɔwo ƒu la, woaŋe wo, nyɔnuwo ava ade dzo wo me; elabena dukɔ manyanu wonye. Eyata wo wɔla makpɔ nublanui na wo o, eye wo mèla mave wo nu o.


Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.


Wò ahiãviwo katã ŋlɔ wò be, eye womebia ta wò se o; elabena metsɔ tohehe, si teƒe mekɔ o la, ƒo wòe abe futɔ ƒe ameƒoƒo ene le wò vodada gbogboawo kple wò nuvɔ̃ geɖeawo ta.


Kpɔ ɖa, woakplɔ nyɔnu, siwo katã kpɔtɔ ɖe Yuda-fia ƒe me la, ayi Babel-fia ƒe amegãwo gbɔe, eye woanɔ gbɔgblɔm bena: Xɔ̃wòwo flu wò, eye wokpe le dziwò, eye esi wò afɔ ɖo ba la, woka le ŋuwò.“


Ke wò, amesi wotsrɔ̃, nuka nahawɔ ma? Ne eta aɖabɛ, nedo sikanuwo, eye neɖo tu ɖe ŋku hã la, dzodzroe nèwɔ leke; wò lɔlɔ̃tɔwo ado vlo wò, eye woadi wò ku.


Ɖe Edom ŋu: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɖe nunyaa ɖeke megale Teman o, adaŋudede bu ɖe nunyalawo, eye wotrɔ nunya ƒo ɖe anyia?


Meyɔ nye ahiãviwo, ke woblem. Nu te nye nunɔlawo kple ame tsitsiwo ŋu le dua me, elabena wole nuɖuɖu dim, ne woatsɔ lé woƒe agbe ɖe te.


Alé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene; vi manyanu wònye, elabena ne azã de la, metoa vidzimɔ nu o.


Efrayim le abe ahɔne tsibome, si nunya mele tagba na o la ene: wole Egipte yɔm, eye woyi Asur.


Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa