Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Obadia 1:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nenye fiawo kple adzodalawoe ƒo ɖe dziwò le zã la, ɖe womafi nu alesi ko asu wo nu oa? Ke aleke wòa nèhetsrɔ̃e! Nenye weinxalawoe ƒo ɖe dziwò la, ɖe womakpɔtɔ ɖe ɖi oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 “Ne fiafitɔwo va fi wò, eye adzodalawo va dze dziwò le zã me hefi wò nuwo ɖe, womagblẽ nanewo ɖi na wò oa? O, gbegblẽ gã ka wòanye anɔ lalawòm! Ne waintsetsefilawo hã va wò waingble me ɖe, ɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na wò o mahã?

Onani mutuwo Koperani




Obadia 1:5
13 Mawu Ofanana  

Oo Israel, wowu wò atsyɔ̃ɖoɖo le wò togbɛwo dzi! Aleke kalẽtɔwo hetsi aʋa ale!


Wò ŋukeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si! Wò, amesi te dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba!


Kutsetse akpɔtɔ ɖe edzi hena nu dzɔdzɔe fɔlawo, abe alesi wogbea amitii ene, kutsetse eve alo etɔ̃ tsia eƒe ɖɔ mee, wo ame ene alo atɔ̃ nɔa ati tseku la ƒe alɔwo me, Yehowa Israel ƒe Mawu la gblɔe.


Elabena alea wòanɔ le anyigba dzi le dukɔwo dome, abe alesi wogbea amititsetse kple alesi woxaa nu mlɔea, ne weinxaxa nu va yi ene.


Ne weintsetsexalawo ƒo ɖe dziwò la, womasusɔ mamlea ɖeke ɖi o; ne fiafitɔwo va le zã me la, woagblẽ nu, vaseɖe esime wòati kɔ na wo.


Aleke anyigba blibo la ƒe zũ gbã, eye wòkaka ale? Aleke Babel zu ŋɔdzinu le dukɔwo dome ale?


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woaxa Israel ƒe ame susɔewo, abe alesi woxaa weintsetse mlɔeawoe ene; gado wò asi ɖa abe weingbledela ɖe kawo ŋu ene.


Ao, du, si ame yɔ, tsi akogo! Du ga le dukɔwo dome zu ahosi; duwo ƒe fia zu yakadɔwɔla.


Teman, dzi aɖe le wò kalẽtɔwo ƒo, ne woatsɔ amewuwu atsrɔ̃ amesiame ɖa le Esau ƒe towo dzi.


Baba nam! Elabena ezu nam, abe alesi kutsetsegbeɣi kple weiuxaɣl nu yinae ene: weintsetsea ɖeke meli, ne woaɖu o, eye nye ve me le fiefiẽm ɖe kutsetse ŋgɔgbea ŋu.


Ɖe ɖu, si nɔa aseye tsom, eye wòli bɔkɔɔ henɔa gbɔgblɔm le eƒe dzi me be: Míawoe nye gɔglɔ̃mitɔgɔ̃wo la, nye esia? Ke azɔ la ezu gbegbe kple gbemelãwo mlɔƒe, eye amesiame, si ato eŋu ayi la, ado tsiã, eye wòaʋuʋu asi.


Ne èxa nu le wò weingble me la, megava tsa le eme ƒiaƒiaƒia o, ke boŋ amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosiwo tɔ wònye.


Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa