2 Kpɔ ɖa, mawɔ wò sue le dukɔwo dome, eye maɖi gbɔ wò vevie.
2 “Edom, kpɔ ɖa, mawɔ wò nàzu sue le dukɔwo dome eye maɖi gbɔ̃ wò vevie.
Yehowa Zebaot ɖoe ɖe ta me be, yeaɖi gbɔ atsyɔ̃ɖoɖowo katã ƒe dàda, eye yeaklo bubu le ame ŋkutawo ŋu le anyigba dzi.
Elabena mewɔ wò sue le dukɔwo dome, eye medo vlo wò le amegbetɔwo dome.
Ano sue le fiaɖuƒewo dome, eye magakɔ ta dzi ɖe dukɔwo ŋu azɔ o, mana woanɔ ʋee, ne womagafanya dukɔwo o.
Nye ketɔ, amesi le gbɔgblɔm nam be: Afika Yehowa, wò Mawu, le hã la, akpɔe, eye ŋukpe alée. Nye ŋku aɖi ƒo ɖe eŋu, emegbe woafanyae abe ba le kpɔdomee ene.
Woaxɔ Edom ƒe anyigba, eye woaxɔ eƒe futɔ Seir hã ƒe anyigba; ke Israel ya akpɔ ŋusẽ.