Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 9:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo atia ɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Wode se na wo be womegagblẽ gbe siwo le anyigba dzi, numiemie loo alo atiwo o, ke boŋ woagblẽ ame siwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 9:4
15 Mawu Ofanana  

Ɖe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Eyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi.


Yehowa gblɔ na Satana be: Kpɔ ɖa, eƒe nuwo katã le asiwò me, ɖeko megade asi eya ŋutɔ ŋu o. Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me.


Tete Yehowa gblɔ na Satana bena: Kpa ɖa, ele asiwò me, ɖeko kpɔ eƒe agbe ta!


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Elabena ne Yehowa yina Egiptetɔwo gblẽ ge, eye wòkpɔ ʋu, si le ʋɔtruti eveawo kple etametɔ ŋuti la, Yehowa ato ʋɔtru la ŋu, eye mana nugblẽla la nage ɖe miaƒe xɔwo me awu mi o.


Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.


Miwu amegã ɖeɖiwo, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ɖeviwo kple nyɔnuwo, ne miatsrɔ̃ wo; ke migade asi amesiwo katã ŋu dzesi le la ŋuti o, eye midze egɔme tso nye kɔkɔeƒe la gbɔ! Tete wodze egɔme ɖe ame tsitsi, siwo le aƒea ŋgɔ la ŋu


Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.


Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la.


Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.


Eye mese gbea ɖe, abe nu gbagbe eneawo dome wòɖi le ene hele gbɔgblɔm bena: Lu dzidzenu ɖeka naxa denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka, eye megawɔ vɔ̃a ɖeke ami kple wein o.


Nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo de atia ɖeke dzi o.


Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eve gbe mumuwo katã fiã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa