Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 9:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye wowu amewo ƒe akpa etɔ̃lia le fuwɔame etɔ̃ siawo me, le dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe, si do go tso woƒe nu me la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Dzo, dzudzɔ kple sulfakpe si do go tso sɔawo ƒe nu me la wu amegbetɔƒomea ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 9:18
9 Mawu Ofanana  

Eye mawudɔla etɔ̃lia ku kpẽ la, eye ɣletivi gãa ɖe, si le bibim abe kakati ene la, ge tso dziƒo, eye wòdze tɔsisiwo ƒe akpa etɔ̃lia kple tsi dzidziwo dzi.


Eye ɣletivi ma ƒe ŋkɔe nye Apsinto (enye gbe, si vena abe atsa ene), eye tɔwo ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu tsi veve, eye amewo dome geɖeawo ku le tsiawo ta, le esi wole vevem akpa la ŋuti.


Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.


Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eve gbe mumuwo katã fiã.


Eye mawudɔla evelia ku kpẽ la, eye wotsɔ nane, si le abe to gãa ɖe ene hele bibim kple dzo la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye ƒu ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu ʋu;


eye nu gbagbe, siwo le atsiaƒu me la, ƒe akpa etɔ̃lia ku, eye nuwo ƒe akpa etɔ̃lia gbã.


Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia.


Eye ale mekpɔ sɔwo kple amesiwo do wo la, le ŋutega me: Wodo akɔtakpoxɔnu, siwo ɖi dzo, kple akɔtakpoxɔnu yibɔwo kpakple akɔtakpoxɔnu dzewo, eye sɔawo ƒe ta le abe dzatawo ƒe ta ene, eye dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe do go tso woƒe nu me.


Elabena sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nu kple woƒe asikewo me; elabena woƒe asikewo le abe dawo ene, eye ta le wo nu wotsɔna wɔa vɔ̃e.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa