Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 8:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye mawudɔla evelia ku kpẽ la, eye wotsɔ nane, si le abe to gãa ɖe ene hele bibim kple dzo la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye ƒu ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu ʋu;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ la, eye wòtsɔ nane si lolo abe to ene, eye wòle bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu ʋu.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 8:8
13 Mawu Ofanana  

Yehowa be: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe dziwò, wò togblẽnu, si tsrɔ̃ anyigba blibo la, maɖo nye asi ɖa ɖe ŋuwò ahamli wò tso agakpe dzi aƒu anyi, eye matsɔ wò awɔ to fiafiãe,


Ke ne woflu nyagblɔɖila ɖe wòƒo nu la, nye Yehowa ye flu nyagblɔɖila ma, eye mado nye asi ɖa ɖe eŋu ahatsrɔ̃e ɖa le nye dukɔ Israel dome.


Eye Aƒetɔ Yehowa na mekpɔ ŋutega, kpo ɖa, Aƒetɔ Yehowa yɔ dzo vɛ, be wòatsɔ ahe toe, eye wòfiã to gãwo helé agblewo.


Ale Yehowa gblɔ esi: Woetsrɔ̃ akpa etɔ̃liawo eve le anyigba blibo la dzi, eye woaku, eye akpa efɔ̃llawo ɖeka asusɔ ɖe edzi.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


Vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi ke lagblɔ na to sia bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me, eye mekea ɖi le eƒe dzi me o, hafi boŋ wòxɔnɛ sena bena, nusi gblɔm yele, le eme va ge la, ava ve me ne.


Ŋusẽ le amesiawo si be, woatu dziƒo nu, bena tsi magadza le woƒe nyagblɔdiŋkekeawo me o, eye ŋusẽ le wo si ɖe tɔwo dzi, be woatrɔ wo woazu ʋu, eye be woatsɔ fuwɔame tsyo ƒomevi aƒo anyigba la zi geɖe, alesi wolɔ̃.


Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.


Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eve gbe mumuwo katã fiã.


Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia.


Eye wowu amewo ƒe akpa etɔ̃lia le fuwɔame etɔ̃ siawo me, le dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe, si do go tso woƒe nu me la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa