Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye mese amesiwo nu wotre la ƒe xexlẽme — wotre ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene nu le Israel-viwo ƒe toawo katã me:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Emegbe la, mekpɔ ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000) eye wo katã wotso Israel ƒe toawo me.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 7:4
17 Mawu Ofanana  

Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.


Kpeawo nanɔ wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo nata to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Liƒo, siwo me miamã anyigba la ɖo ɖe Israel ƒe to wuieveawo nu la enye si: Yosef nexɔ gome eve.


Eye agbledela, siwo tso Israel ƒe toawo katã me le dua me la, nade agble ɖe edzi


Wotsɔ ŋkɔ na du la ƒe agbowo ɖe Israel-toawo nu; agbo etɔ̃ le anyiehe gome: Ruben-gbo ɖeka, Yuda-gbo ɖeka kple Lewi-gbo ɖeka.


Esia nye Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe Xadrax-nyigba ŋu, kple eƒe nya, si va nɔ Damasko — elabena Yehowa ƒe ŋku le amegbetɔwo kple Israel ƒe toawo katã ŋu —


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena, mi amesiwo dze yonyeme la, le nuwo ƒe gbugbɔgadzi me la, gbesigbe ke Amegbetɔvi la abɔbɔ na eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi la, miawo hã miabɔbɔ nɔ zikpui wuieve dzi, eye míadrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒome wuieveawo.


Eye ɖɔla la gblɔ bena: Aƒetɔ, wowɔ se, si nède la dzi, eye gake nɔƒe gali.


bena miaɖu nu, eye miano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye fiaɖuƒe la me, eye miabɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi, be miadrɔ̃ ʋɔnu Israel-ƒome wuieveawo.


esi míaƒe ƒome wuieve la le mɔ kpɔm na hele Mawu subɔm vevie zã kple keli, bena woasu wo si. Le mɔkpɔkpɔ sia la, fia Agripa, Yudatɔwo le nunye tsom ɖo esi.


Ke Yesaya do ɣli ɖe Israel ŋuti bena: „Ne Israel-viwo ƒe xexlẽme asɔ gbɔ abe ƒutake ene la, woaɖe amesiwo susɔ la;


Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla, do gbe na ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.


Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.


Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.


Le Yuda ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Ruben ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Gad ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu;


Eye sɔdolawo ƒe aʋakɔ ƒe xexlẽme le akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve; mese woƒe xexlẽme.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa