Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo de atia ɖeke dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 7:1
23 Mawu Ofanana  

Akɔ aflaga dzi na dukɔwo, eye wòaƒo Israel ƒe amesiwo woava de gbe kple Yuda-nyɔnu, siwo wokaka hlẽ la nu ƒu tso anyigba ƒe go eneawo dzi.


Nye Yehowa manye eŋu dzɔla, eye made tsii ɣesiaɣi, be naneke magawɔe o; madzɔ eŋu zã kple keli.


Esi nènyã wo ɖa la, mèhe to na wo wòtso eme o; etsɔ wò ya ʋuɖuʋudu kplɔ wo ɖae le gbesigbe ɣedzeƒeya ƒo.


Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe go eneawo dzi ava ƒo ɖe Elam dzi, maka wo ahlẽ ɖe ya siawo katã me, eye dukɔa ɖeke manɔ anyi, si dome Elam ƒe amewo makaka ɖo o.


Tete wògblɔ nam bena: Gblɔ nya ɖi do ɖe gbɔgbɔ, amevi, gblɔ nya ɖi, eye nagblɔ na gbɔgbɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbɔgbɔ tso ya eneawo gbɔ nava, agbɔ ɖe ame kuku siawo me, ne woagbã agbe!


Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Israel-nyigba ŋu enye si: Nuwuwu gbɔna, nuwuwu gbɔna na anyigba la ƒe go eneawo!


Ne enya do ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, eye woamãe ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, menye na eƒe dzidzimeviwo o, eye menye ɖe ŋusẽ, si wòtsɔ ɖu dzii la nu o; ke hoŋ woagbã eƒe fiaɖuƒe la atsɔ na ame bubuwo, eye menye na woawo o.


Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu.


Gbɔ̃tsu la kpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o; eye esi ŋusẽ ɖo eŋu la, dzo gã la ŋe, eye dzo kako ene to de eteƒe ɖo ta dziƒo ƒe ya eneawo dzi.


Ke Yehowa lɔ ya gãa ɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi, eye ahom sesẽa ɖe tu ɖe atsiaƒu dzi, ale be ʋu la ɖi be, yeagbã.


Eye megafɔ ke dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ taslaɖam ene woto to eve domee; toawo nye akɔbli towo.


Mawudɔla la ɖo ŋu gblɔ nam bena: Woawoe nye dziƒo ƒe ya eneawo, siwo tso, esime wotsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me megbe.


Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.


Tete wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba seƒe vaseɖe dziƒo seƒe.


eye wòado go, be wòable dukɔ, siwo le anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, esiwo nye Gog kple Magog, be wòaƒo amesiwo ƒe xexlẽme nu le abe ƒutake ene la, nu ƒu hena aʋawɔwɔ.


Eye mese gbea ɖe, abe nu gbagbe eneawo dome wòɖi le ene hele gbɔgblɔm bena: Lu dzidzenu ɖeka naxa denario ɖeka, eye ƒo dzidzenu etɔ̃ naxɔ denario ɖeka, eye megawɔ vɔ̃a ɖeke ami kple wein o.


Migawɔ vɔ̃ anyigba alo atsiaƒu alo atiawo o, vaseɖe esime míatre mía Mawu ƒe dɔtsɔlawo ƒe ŋgowo nu.


Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eve gbe mumuwo katã fiã.


le gbɔgblɔm na mawudɔla adelia, si lé kpẽ la ɖe asi la bena: Tu dɔla ene, siwo wobla ɖe Frat-tɔsisi gã la to.


Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo atia ɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa