Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 6:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ hẽa ɖe, eye amesi ɖoe la, ƒe ŋkɔe nye Ku, eye tsiẽƒe le eyome. Eye wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe akpa enelia dzi, be woatsɔ yi kple dɔwuame kple ku kpakple anyigba dzi lãwo awu amewoe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Mekpɔ sɔ si ɖi ku ŋutɔ la le ŋkunyeme! Edola ŋkɔe nye Ku, eye Tsiẽƒe le eyome kplikplikpli. Wona ŋusẽ wo ɖe anyigba ƒe mama enelia ƒe ɖeka dzi, be woawu amewo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ kpakple lã wɔadã siwo le anyigba dzi la.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 6:8
26 Mawu Ofanana  

Eƒe afa ɖi abu yina ku gbɔ, eye tsiẽƒe ku ɖe eƒe abi ŋu goŋgoŋ.


Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwò katã me, eye woaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.


Ne wotsi nu dɔ la, nyemase woƒe konyifafa o, eye ne wosa numevɔ kple nuɖuvɔ la, madze ŋunye o; boŋ matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ atsrɔ̃ wòe.


Yehowa be: Kpɔ ɖa, mado ɖɔkplɔla geɖewo ɖa, ne woaɖe wo; emegbe madɔ adela geɖewo ɖa, ne woayɔ wo ɖe nu tso towo katã kple togbɛwo katã dzi kpakple agatowo me.


Dɔvɔ̃ awu wo, womafa na wo o, womaɖi wo o, eye woanye gbeɖuɖɔ ɖe anyigba dzi; yi kple dɔwuame atsrɔ̃ wo, eye woƒe kukuawo anye nuɖuɖu na dziƒoxewo kple gbemelãwo.


Maɖo yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo, vaseɖe esime woatsrɔ̃ avɔ le anyigba, si metsɔ na woawo kple wo fofowo la dzi.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpo ɖa, maɖo yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ɖe wo, eye mawo wo abe gbotsetse vovo, siwo gblẽ, ɖuɖu mele wo ŋu o la ene.


Ava si Egipte-nyigba, eye wòatsɔ nusi nye ku tɔ la, ade asi na ku, nusi nye aboyo tɔ la, ade asi na aboyo, eye nusi nye yi tɔ la, ade asi na yi.


Matsɔ wò aƒu gbe ɖe gbegbe, eye nadze dogba dzi le gbe me, womafɔ wò aƒo ƒu o, eye womaɖi wò o, matsɔ wò awɔ nuɖuɖui na gbemelãwo kple dziƒoxewo.


Wò akpa etɔ̃liawo ɖeka aku ɖe dɔvɔ̃ nu, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo ɖe mewò; akpa etɔ̃liawo ɖeka atsi yi nu aƒo xlã wò godoo ava kpe, eye makaka akpa etɔ̃liawo ɖeka ahlẽ ɖe yawo katã nu, eye maɖi yi anɔ wo yome.


Mava aɖe wo le tsieƒe si me, eye mava axɔ wo aƒle le ku si me! Ku, wò dɔvɔ ɖe? Tsieƒe, wò veve ɖe? Nublanuikpɔkpɔ ɣla ɖe mo nam!


Wein la, ameflulae, ŋutsu adegbeƒola manɔ anyi aɖe dzi ɖi akpɔ o, eyama keeƒé nu abe tsieƒe ene, eye nu meɖia ƒo na o abe sãɖagatsi ene, eƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eɖokui gbɔ, eye wòlɔ anyigba ɖzi dukɔwo katã li kɔe ɖe eɖokui gbɔ.


sɔ ɣiwo le tasiaɖam etɔ̃lia ŋu, eye sɔ ŋɔŋɔe hẽwo le taslaɖam enelia ŋu.


Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wo ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa? Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke; elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewò la, ɖe wowɔ wo le Sodom la, ne etsi anyi vaseɖe egbegbe.


Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo.


Wò ku, afika wò ti la le? Wò tsieƒe, afika wò dziɖuɖu la le?


kple amesi le agbe, meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.


Eye eƒe asike he dziƒoɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. Eye ʋɔ driba la tsi tre ɖe nyɔnu, si le vi dzi ge la, ƒe ŋku me, bena ne edzi via ko la, ne yeatsɔe ami.


Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia.


Eye wowu amewo ƒe akpa etɔ̃lia le fuwɔame etɔ̃ siawo me, le dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe, si do go tso woƒe nu me la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa