Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mègafa avi o, elabena Yuda ƒe to la ƒe Dzata si tso David ƒe ke me la ɖu dzi. Eyae ate ŋu aʋu agbalẽ la, eye wòaɖe nutrenu adreawo ɖa.”

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 5:5
25 Mawu Ofanana  

eye dzata wuieve le atrakpuifɔflɔ adeawo ƒe axawo kple eve dzi. Womewɔ etɔgbe le fiaɖuƒea ɖeke me kpɔ o.


Atrakpuifɔflɔ ade le fiazikpui la ŋu, eye wòtsɔ sika wɔ afɔdodzimagoevi ɖe fiazikpui la ŋu; alɔ eve le anyinɔƒe la ƒe axawo kple eve dzi, eye dzata eve le tsitre ɖe alɔawo ƒe axawo dzi.


Eƒe dɔyi medzɔ gblɔyi o, ke boŋ edo akpa ɖe eŋu kpaɖikpaɖi.


Eye atilɔ amie tso Isai ƒe atitakpo me, eye dzedze atso eƒe ke me atse ku.


Eye woava me le ɣemaɣi be, dukɔwo adi Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo la yome, eye eƒe gbɔɖemeƒe anye atsyɔ̃.


Ale Yehowa gblɔ esi: Tsri avifafa na wò gbe kple aɖatsi na wò ŋkuwo; elabena fetu li na wò dɔwɔwɔ, eye woagatrɔ agbɔ tso futɔwo ƒe anyigba dzi, Yehowa ye gblɔe.


Mele de amesiwo tsi tre ɖi la dometɔ ɖeka ŋu, eye mebia nyae le nusiawo katã ŋu tsitotsito, eye wògblɔe nam heɖe nusiawo gɔme nam be:


Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu kple dzatanɔ ene, ameka le eʋuʋu ge? Ne amea ɖe yra wò la, woayrae; eye ne amea ɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi aɖee.


Ke Yesu trɔ ɖe wo ŋu gblɔ bena: Yerusalem vinyɔnuviwo, migafa avi nam o; ke boŋ miafa avi na mia ŋutɔwo mia ɖokui kple mia viwo.


Eye esi Aƒetɔ la kpɔ ahosi la la, eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti, eye wògblɔ nɛ bena: Megafa avi o!


Eye wo katã wole avi fam, eye wole konyi fam nɛ. Ke egblɔ bena: Migafa avi o! Meku o, alɔ̃ ko dɔm wòle.


Eye ame mawo gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Egblɔ na wo bena: Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi woɖae ɖo o.


le Via, si wodzi le Dawid-ƒomeawo me le ŋutilã nu la ŋuti,


Eye Yesaya gagblɔ bena: „Isai ƒe kè kple amesi atsi tre, bene yeaɖu fia ɖe xexemedukɔwo dzi la, ava; eyama xexemedukɔwo lãkpɔ mo na.“


Elabena edze ƒã bena, mia Aƒetɔ la ɖo tso Yuda-to la me, to, si Mose megblɔ nyaa ɖeke na le nunɔlanyenye ŋuti o.


Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes,


Nye Yesu ye nye amesi dɔ nye mawudɔla lã, bene wòaɖi ɖase le nusiawo ŋuti na mi hena hameawo. Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.


Amesi ke ɖu dzi la, mana woabɔbɔ nɔ anyi kplim ɖe nye fiazikpui la dzi, abe alesi nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi kple Fofonye ɖe eƒe fiazikpui dzii la ene.


ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena:


Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.


Eye mefa avi ʋuu, elabena womekpɔ amea ɖeke, si dze be, wòaʋu agbalẽ la alo wòakpɔ eme hã o.


Eye esime alẽvi la ɖe nutrenuawo ƒe ɖeka ɖa la, mekpe, eye mese nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka le gbɔgblɔm abe dziɖegbe ƒe gbeɖiɖi ene bena: Va!


Eye amegã xoxoawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ nam bena: Amekawoe nye esiawo do awu ʋlaya ɣiwo, eye afika wotso mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa