Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etoe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Esia megbe la, mese nu gbagbe siwo katã le dziƒo, anyigba dzi, anyigba te, atsiaƒu me kpe ɖe nu siwo katã nɔ wo me la ŋuti nɔ ha dzim be, “Alẽvi si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la tɔe nye kafukafu, bubu, ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ, tso mavɔ me yi mavɔ me!”

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 5:13
29 Mawu Ofanana  

Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.


Ame kemeawo kɔ woƒe gbe dzi le aseye tsom le ƒu gome le Yehowa ƒe gãnyenye ta be:


Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu!


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.


Esi ŋu ke la, ekpa Yesu gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!


Elabena nuwo katã tsoa eya me, eye wotoa eya me, eye woɖoa ta eya gbɔ; eyama tɔ lanye bubu yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


Mawu, si nye nunyatɔ ɖeka hɔ̃ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye bubu la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


amesiwo to nye fofoawo, amesiwo me Kristo hã dzo tso le ŋutilã nu, amesi nye Mawu, si ƒo wo katã ta la, amesi wokafuna yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.


eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe la le ha me le Kristo Yesu me yiɖase dzidzimewo katã dzi, tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me,


nenye bena, mienɔ xɔse me, abe amesiwo gɔme wodo anyi, eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyuie ƒe mɔkpɔkpɔ, si miese, si woɖe gbe ƒã na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te, esi ƒe subɔla nye Paulo mezu la me o.


Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Eya tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!


eye wòwɔ mí hawo kple nunɔlawo hena eƒe Mawu Fofo la, eya to lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mava me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Eye anyigbadzinɔla, siwo katã ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe alẽvi, si wowu la, ƒe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, woasubɔe.


Eye mekpɔ agbalẽ, si woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo katã, eye wotre enu kple nutrenu adre la, le amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, ƒe nuɖusi me.


wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!


Eye amea ɖeke menɔ dziƒo alo anyigba dzi alo anyigba te, si te ŋu ʋu agbalẽ la alo te ŋu kpɔ eme hã o.


Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvia ɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li ne.


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


eye wogblɔ na towo kple agawo bena: Mimu dze mia dzi, eye miɣla mi tso amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye tso alẽvi la ƒe dziku la nu; elabena eƒe dzikuŋkeke gã la ɖo, eye ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa