Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye nu gbagbe gbãtɔ le abe dzata ene, eye nu gbagbe evelia le abe nyitsu ene, eye nu gbagbe etɔ̃lia ƒe mo le abe ame ƒe mo ene, eye nu gbagbe enelia le abe hɔ̃, si le dzodzom ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Nu gbagbe siawo dometɔ gbãtɔ ɖi dzata. Evelia ɖi nyitsu. Etɔ̃lia ƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ, eye enelia le abe hɔ̃ si keke eƒe aʋalawo abe dzodzom wòle ene.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 4:7
20 Mawu Ofanana  

Dzatavi enye Yuda. Le nuléle ta, vinye, anɔ to dzi. Emlɔ anyi tsyɔ akɔ abe dzatatsu ene, eye abe dzatanɔ ene; ameka ate ŋu aʋuʋui?


Saul kple Yonatan, amesiwo wolɔ̃na le woƒe agbe me, eye tsi metoa wo dome o, wo dome memã le ku me hã o; woɖe abla wu hɔ̃, eye wosesẽ wu dzata.


Anyigbadzitɔwo ƒe vodadawo nana emegãwo sɔ gbɔna, eye to nugɔmesela nyanu ɖeka dzi nu dzɔdzɔe wɔwɔ nɔa anyi dedie.


ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.


Woƒe mo ɖi amegbetɔ ƒe mo le ŋgɔ, wo ame enea to dzata ƒe mo ɖe ɖusi me, wo ame enea to nyitsu ƒe mo ɖe mia me, eye wo ame enea to hɔ̃ ƒe mo ɖe megbe,


Amegbetɔ ƒe asi li na wo le woƒe aʋalawo te le go eneawo dzi; mowo kple aʋalawo li na wo ame eneawo;


Mo ene li na wo dometɔ ɖesiaɖe; mo gbãtɔ nye Kerubi ƒe mo, mo evelia nye amegbetɔ ƒe mo, etɔ̃lia nye dzata ƒe mo, eye enelia nye hɔ̃ ƒe mo.


Ɖesiaɖe to mo ene, aʋala ene li na ɖesiaɖe, eye nane ɖi amegbetɔ ƒe asi le woƒe aʋalawo te.


Gbãtɔ ɖi dzata, eye wòto aʋala abe hɔ̃ ene; meɖe ŋku ɖee, vaseɖe esime wotu aʋala te eŋu, eye wokɔe dzi tso anyigba hetsɔe ɖo afɔ dzi abe amegbetɔ ene, eye wona ame ƒe dzii.


Ne èyi dzi ʋĩ abe hɔ̃ ene, eye nèwɔ ato ɖe dzinuviwo dome hã la, matutu wò aƒu anyi tso afima, Yehowa ye gblɔe.


Kpɔ ɖa, dukɔ la tso abe dzatanɔ ene, eye wòto abe dzatatsu ene. Mele akɔ tsyɔ ge anyi o, negbe ɖeko wòaɖu eƒe nuléle, eye wòano amesiwo wowu ƒe ʋu hafi.


Etsyɔ akɔ anyi abe dzatatsu kple dzatanɔ ene, ameka le eʋuʋu ge? Ne amea ɖe yra wò la, woayrae; eye ne amea ɖe ƒo fi de wò la, woaƒo fi aɖee.


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


Yehowa akplɔ dukɔ, si ƒe gbe mèsena o la, tso didiƒe le anyigba seƒe ke, abe alesi hɔ̃ dzona ene, ava de wò;


eye atsiaƒu, si me ka abe kristalo lãlɛ ene la, le fiazikpui la ŋgɔ, eye nu gbagbe ene, siwo ŋgɔgbe kple megbe yɔ fũ kple ŋkuwo la, le fiazikpui la titina, eye woƒo xlã fiazikpui la hã.


Eye esime wòɖe nutrenu evelia ɖa la, mese nu gbagbe evelia le gbɔgblɔm bena: Va!


Eye esime wòɖe nutrenu etɔ̃lia ɖa la, mese nu gbagbe etɔ̃lia le gbɔgblɔm bena: Va! Eye kpo ɖa, mekpɔ sɔ yibɔa ɖe, eye amesi ɖoe la, lé nudanu ɖe asi.


Eye esime wòɖe nutrenu enelia ɖa la, mese nu gbagbe enelia ƒe gbe wòle gbɔgblɔm bena: Va!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa