Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 4:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 4:10
28 Mawu Ofanana  

Eye Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Mikafu Yehowa, mia Mawu la! Tete ameha blibo la kafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye wobɔbɔ hede ta agu ɖe Yehowa kple fia la ŋku me.


Israel-viwo katã kpɔ, alesi dzo la ɖi ɖe anyi kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe le xɔ la dzi, tete wobɔbɔ hede ta agu de kpenyigba la dzi, eye wodo gbe ɖa heda akpe na Yehowa, elabena eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee.


Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa


Menye míawo o, Yehowa, menye míawo ŋu nade bubui o, ke boŋ wò ŋkɔ la ŋue le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta!


Elabena Mawue nye fia ɖe anyigba blibo la dzi, midzi nufiameha!


Fiawo katã aɖe ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe.


Miva, mina míabɔbɔ ade ta agu adze klo de Yehowa, mía wɔla, ŋku me!


Le ƒe, si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la bɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gãa ɖe dzi, eye eƒe awutoga yɔ gbedoxɔ la taŋ.


Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la bena: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe akpa ɖeka kaka vɔ la, ekema nusiwo katã ava me.


Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.


Eye esi woyi ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria; tete wodze klo de ta agu nɛ, eye woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lili nɛ.


Eye esi wodze klo de ta agu nɛ la, wogbugbɔ yi Yerusalem kple dzidzɔ gã;


Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wotsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si le kpakplim la boŋ.


Elabena meɖo nye asi ɖe dziƒo gblɔ bena: Mele agbe tegbee!


eye wòta amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, amesi wɔ dziƒo kple nusiwo le eme kple anyigba kple nusiwo le edzi kpakple atsiaƒu kple nusiwo le eme la, bena ɣeyiɣia ɖeke naganɔ anyi o,


Eye amegã xoxo blave vɔ ene, siwo bɔbɔ nɔ woƒe zikpuiwo dzi le Mawu ƒe ŋku me la, tsyɔ woƒe mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Eye nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikakplu adre, siwo Mawu, si le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ƒe dɔmedzoe yɔ taŋtaŋ la, na mawudɔla adreawo.


Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye woɖo gbe ɖa na Mawu, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Amen, mikafu Yehowa!


Eye enumake menɔ gbɔgbɔ la me, eye kpɔ ɖa, wodo fiazikpui anyi de dziƒo, eye amea ɖe bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi,


Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.


Eye ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe kple bubu kple akpedada tsɔm na amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la,


Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyo mo anyi hedo gbe ɖa.


Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.


Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa