Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 eya ta ɖo ŋku nu si nèxɔ, eye nèse la dzi; wɔ edzi, eye nàtrɔ dzi me. Ke ne mènyɔ o la, mava gbɔwò abe fiafitɔ ene, eye mànya ga si me mava gbɔwò o.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 3:3
24 Mawu Ofanana  

Míado ŋu miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo katã, siwo mietsɔ gblẽ ko ɖo na mia ɖokui la, le afima, eye miava ŋu nyo ge na mia ɖokui le nu vɔ̃ɖi, siwo katã miewɔ la ta.


Miaɖo ŋu miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiawo kple miaƒe nuwɔna manyomanyoawo, eye miava ŋu nya ge na mia ŋutɔwo mia ɖokui le miaƒe vodadawo kple miaƒe ŋunyɔnuwo ta.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.


Mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ; elabena mienya ɣekaɣi azãgbe la le edzi su ge o.


bena ne eƒe vava ɖi ɖe mi la, ne megakpɔ mi le alɔ̃ me o.


elabena mia ŋutɔwo mienyae kɔte bena, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene.


Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia,


Lé nya, siwo le blibo, siwo nèse le nunye la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.


Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o.


Ke mebui nusi dzɔ be, ŋkeke alesi mele agbadɔ sia me la, matsɔ ŋkuɖoɖonudzi na mi anɔ mia nyɔmi.


Lɔlɔ̃tɔwo, esia nye agbalẽ evelia xoxo, si meŋlɔ ɖo ɖe mi, eye metsɔ ŋkuɖoɖonudzi nyɔ miaƒe tamesusu, si me kɔ la le wo me,


Ke Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene, le esime dziƒowo ava yi kple gbeɖeɖe; ke gɔmedzenuwo labi, eye woalólo le dzo me, eye anyigba kple eme dɔwɔwɔwo lafiã keŋ.


Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


negbe nusi le mia si la, milé eme ɖe asi sesĩe, vaseɖe esime mava.


Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe, ne mètrɔ le wò dzi me o.


Eye kpɔ ɖa, megbɔna kpuie: Woayra amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me ɖe asi la.


Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.


Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na; eyata ɖo vevie, be natrɔ le wò dzi me?


Nɔ ŋudzɔ, eye nado ŋusẽ nusiwo susɔ le kuku ge la; elabena nyemekpɔ wò dɔwɔwɔwo le blibo le nye Mawu ƒe ŋku me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa