Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ame si aɖu dzi la, mawɔe wòazu sɔti le Mawu ƒe gbedoxɔ me, eye magado go akpɔ o. Maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ ɖe eŋu, eye wòazu dumevi, atso nye Mawu ƒe du, Yerusalem Yeye la me. Du sia aɖiɖi tso nye Mawu gbɔ le dziƒo. Mawu ana woaŋlɔ nye ŋkɔ yeye la ɖe ame sia ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 3:12
26 Mawu Ofanana  

Eye wòtu sɔtiawo ɖe dodonuxɔ la ƒe akpata nu; etu ɖusi me sɔti la, eye wòna ŋkɔe be Yaxin, eye wòtu mia me sɔti la hena ŋkɔe be Boas.


ne eƒe tɔwo dze agbo, eye wotso futukpɔ, eye towo ʋuʋu le eƒe nyanyrã me hã. Sela.


Etsɔ ɣedzeƒeya gbã Tarsis-ʋuwo.


Mawu ƒe du, nya nyui wogblɔ de ŋuwò. Sela.


Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye, fiawo katã akpɔ wò ŋutikɔkɔe, eye woayɔ ŋkɔ yeye, si Yehowa ƒe nu agblɔ la, na wò.


Eye miagblẽ miaƒe ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo woatsɔ ado ɖiŋui be: „Alea Yehowa nawu wòe!“ Ke ayɔ ŋkɔ yeye na eƒe dɔlawo ya,


Kpɔ ɖa, nyea matsɔ wò awɔ ɖu sesẽ, gasɔti kple akɔbligli egbea ɖe anyigba blibo la nu, ɖe Yuda-fiawo, eƒe amegãwo, eƒe nunɔlawo kple dukɔ hahoo la ŋuti.


Akpata la didi abɔklugui blave, eye wòkeke abɔklugui ewo; atrakpuifɔflɔ ewo woliana yia edzi, eye sɔtiwo le domegliawo ŋu, ɖeka le go si me, eye evelia le go keme me.


Eƒe lolome le abɔklugui akpe wuienyi, eye woayɔ dua tso gbemagbe dzi be: „Yehowa le afima“.


Eye wotsɔe vɛ. Eye wògblɔ na wo bena: Ameka ƒe tata kple ŋɔŋlɔ enye sia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Kaisaro tɔe.


eye esi wodze si amenuveve, si wotsɔ nam la, tete Yakobo kple Kefa kpakple Yohanes, amesiwo wobuna bena, wonye sɔtiwo la, wona habɔbɔ ƒe asi mía kple Barnaba, bene míawo míayi trɔ̃subɔlawo gbɔ, ke woawo woayi aʋatsotsotɔwo gbɔ;


amesi gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ,


Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe


Elabena ɖu, si nɔa anyi la, mele mia si le afisia o, ke boŋ miele ɖu, si gbɔna la dim.


Viwo, miawo la Mawu me mietso, eye mieɖu wo dzi; elabena amesi le mia me la, etri akɔ wu amesi le xexeame.


Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre de Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.


Eye mekpe du kɔkɔe, tsi nye Yerusalem yeye la, le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ, eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ, si wɔwɔ leke na hena srɔ̃a ene.


eye woakpɔ eƒe ŋku me, eye eƒe ŋkɔ anɔ woƒe ŋgowonu.


Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge da le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa