Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Kpɔ ɖa, megbɔna kaba! Lé ŋusẽ sue si le asiwò la me ɖe asi sesĩe ale be ame aɖeke maxɔ wò fiakuku la le asiwò o.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 3:11
19 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ. Yehowa ƒe ŋkeke la ŋkɔ le ɖiɖim, eye kãletɔ le aʋaɣii dom sesĩe.


Ke amesiame, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me; ame mawo wɔa nenema, bene woƒe asi nasu dziɖuɖukuku, si gblẽna la dzi; ke miawo la, esi megblẽna o la dzi.


Amewo katã nanya miaƒe tufafa! Aƒetɔ la gogo.


Ke ne amea ɖe le kame tem hã la, womaɖɔ dziɖuɖukuku nɛ o, negbe ɖeko wòate kame le se la nu hafi.


Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.


Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.


Nɔviwo, migaɖu tse de mia nɔewo ŋuti o, bene womagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; kpɔ ɖa, ʋɔnudrɔ̃la la le tsitre ɖe ʋɔtru la nu.


Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Kpɔ ɖa, megbɔna abe fiafitɔ ene; woayra amesi nɔa ŋudzɔ, eye wòdzra eƒe awuwo ɖo, bene wòagazɔ amama, eye woakpɔ eƒe ŋukpe ƒe o.


Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome amea ɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye míakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!


Menya wò dɔwɔwɔwo kple afisi nenɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le, eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nana la o.


negbe nusi le mia si la, milé eme ɖe asi sesĩe, vaseɖe esime mava.


Kpɔ ɖa, megbɔna kpuie, eye nye fetu kpe ɖe ŋutinye gbɔna, bene maɖo teƒe na amesiame ɖe alesi eƒe dɔwɔwɔ le la nu.


Amesi le nusiawo ƒe ɖase ɖim la gblɔ be: Ẽ, megbɔna kpuie! Amen, Aƒetɔ Yesu va!


Eye kpɔ ɖa, megbɔna kpuie: Woayra amesiwo lé agbalẽ sia me nyagblɔɖinyawo me ɖe asi la.


Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.


ekema amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔa mo anyi ɖe amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye woɖea ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana de fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena:


Eye zikpui blave vɔ ene ƒo xlã fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa