Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.
Elabena azɔ la míekpɔa nu le ahũhɔ̃e me le abebubu me, ke emegbe la ŋku me kple ŋku me; azɔ la medze si nu afã kple afã, ke emegbe la madze si nu keŋ, abe alesi wodze sim keŋ la ene.
Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawukɔa me, eye magaɖo go akpɔ o, eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe ɖu, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.