13 Nyee nye Alfa kple Omega, gbãtɔ kple mlɔetɔ, gɔmedzedze kple nuwuwu:
13 Nyee nye Alfa kple Omega, Gbãtɔ kple Mamlɛtɔ, Gɔmedzedze kple Nuwuwu.
Ameka wɔe heƒoe wòde go? Eya, amesi yɔ ƒomewo tso gomedzedzea me ke lae. Nye Yehowa enye gbãtɔ, eye alea ke mele na ame mlɔeawo!
Ale Yehowa, Israel ƒe fia kple eƒe xɔnametɔ, Yehowa Zebaot,: gblɔ esi: Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.
Yakob kple wò Israel, si meyɔ, miɖo tom! Nyee, nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ hã.
ne wokɔ Mawu ŋuti le eya me la, ekema Mawu hã akɔ eyama ŋuti le eya ŋutɔ ɖokui me, eye enumake wòakɔ eŋuti.
Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.
Eye esi mekpɔe la, medze anyi ɖe eƒe afɔ nu abe ame kuku ene. Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ
Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu; ale Aƒetɔ Mawu, amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vava ge, amesi nye ŋusẽkatãtɔ la, gblɔ esi!
Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Smirna la, ƒe dɔla bena: Amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe la, eyae gblɔ esiawo bena:
Eye wògblɔ nam bena: Eva ve me! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu. Amesi ke tsikɔ le ewum la, mana agbetsidzidzi la ƒe ɖee faa.
Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Laodikea la, ƒe dɔla bena: Amesi nye Amen, ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, gblɔ esiawo bena: