Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 21:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye mese gbe gãa ɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Tete mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm be, “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe nɔƒe le amegbetɔwo dome azɔ, eye wòanɔ wo gbɔ. Woanye eƒe dukɔ, Mawu ŋutɔ anɔ wo gbɔ, eye wòanye woƒe Mawu.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 21:3
29 Mawu Ofanana  

Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.


Elabena nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o!


Eye woawɔ nɔƒe kɔkɔe nam, bena manɔ wo dome.


Mana Israel-viwo dome, eye manye woƒe Mawu.


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.


Nye nɔƒe anɔ wo dome, manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ.


Eye wògblɔ nam bena: Amevi, esia enye nye fiazikpui nɔƒe kple nye afɔƒome ɖoƒe, afisi manɔ le Israel-viwo dome tegbee, eye Israel ƒe aƒe la, woawo kple woƒe fiawo magatsɔ woƒe gbolowɔwɔ le woƒe nuxeƒewo kple woƒe fiawo ƒe kukuawo ado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o;


Eƒe lolome le abɔklugui akpe wuienyi, eye woayɔ dua tso gbemagbe dzi be: „Yehowa le afima“.


Matso akpa etɔ̃liawo ɖeka aɖe dzo me ahalóloe, abe alesi wolóloa klosalo ene, eye madoe akpa, abe alesi wodoa sika kpɔna ene Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo; magblɔ be: Nye dukɔ nye esi, eye woawo agblɔ be: Yehowa enye nye Mawu!


eye makplɔ wo vɛ, ne woanɔ Yerusalem, woanye nye dukɔ, eye manye Mawu na wo le nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye me.


Alea wònɔ ɖaa; alilikpo la tsyɔ edzi, eye wòdze le zã me abe dzo ene.


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ nɛ bena: Ne amea ɖe le lɔ̃yem la, alé nye nya la me ɖe asi, eye Fofonye alɔ̃ eyama, eye miava egbɔ, eye míawɔ nɔƒe ɖe egbɔ.


Alo ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea? Elabena miawoe nye Mawu gbagbe la ƒe xɔ, abe alesi Mawu gblɔ ene bena: „Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ.


eye manye Fofo na mi, eye miawo hã mianye vinyeŋutsuviwo kple vinyenyɔnuviwo, Aƒetɔ, ŋusẽkatãtɔ la gblɔe.“


Ke Mawu, mía Fofo ŋutɔ kple mía Aƒetɔ Yesu Kristo nana míaƒe mo naɖo ta mia gbɔ.


Ke azɔ la denyigba, si nyo wu la, le wo dzrom, esia nye dziƒo tɔ. Eyata ŋu mekpe Mawu le wo ŋuti be, wòyɔe be woƒe Mawu o; elabena edzra du ɖo na wo.


Elabena esia nye nu, si mabia kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe ta me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me, eye manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.


amesi nye kɔkɔeƒe kple agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu, eye menye amee tui o la, ƒe subɔla.


Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go la, medi be, maŋlɔe; eye mese gbea ɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Tre nusiwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye megaŋlɔ wo o.


Eye gbe, si mese tso dziƒo la, gaƒo nu kplim, eye wògblɔ bena: Yi naɖaxɔ agbalẽvi, si le ʋuʋu le mawudɔla, si le tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la si.


Eye mese gbe gãa ɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mia nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe.


Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.


Eye busunua ɖeke megale anyi nɔ ge o, eye Mawu kple Alẽvi la ƒe fiazikpui la anɔ me, eye woƒe dɔlawo asubɔe,


Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa