Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 21:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eye dua mehiã ɣe alo ɣleti, bene woaklẽ nɛ o; elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽna nɛ, eye Alẽvi la enye eƒe akaɖi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ nɛ o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe naa kekelii, eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 21:23
25 Mawu Ofanana  

Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Yi ɖe agato me, eye naɣla ɖokuiwò ɖe ke me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu!


Eye wòayi kpetowo kple anyigba dzi dowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.


ne wòayi agadowo kple kpetowo me tso Yehowa ƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu, ne etso, be yeado ŋɔdzi na anyigba.


Du akpe ɣleti, eye ɣe ƒe mo atsi dã, elabena Yehowa Zebaot ɖu fia le Zion-to la dzi kple Yerusalem, eye atsyɔ̃ɖoɖo le eƒe ame tsitsiwo ŋku me.


Gbesigbe Yehowa bia eƒe dukɔ ƒe kakaƒe, eye wòda gbe ƒe eƒe abi, si wòxɔ ŋu la, ɣleti ƒe keklẽ anɔ abe ɣe tɔ ene, eye ɣe ƒe keklẽ adzi ɖe dzi zi gbɔ zi adre abe keklẽ le ŋkeke adre me ene.


Mawu tso Teman, eye kɔkɔetɔ la tso Paran-towo dzi. Sela. Eƒe ŋutikɔkɔe nyẽ tsyɔ dziƒo, eye eƒe kafukafu yɔ anyigba dzi taŋ.


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.


kekeli ƒe nyaɖeɖefia na trɔ̃subɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe ŋutikɔkɔe.


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.


Eya me agbe le, eye agbe la nye amewo ƒe kekeli la.


Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la, li gbɔna ɖe xexea me.


Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.


bena amewo katã nabu Vi la, abe alesi wòbua Fofo la ene. Amesi mele Vi la bum o la, mebua Fofo la, amesi dɔe ɖa la o.


Eye esi nyemegate ŋu le nu kpɔm le kekeli ma ƒe kɔkɔenyenye ŋuti o la, amesiwo le ŋutinye la lé nye alɔnu hekplɔm va Damasko,


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Eye nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla bubua de le didim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe klẽ de anyigba dzi.


esi ŋu Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le; eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔa ɖe ene, hele abe yaspis-kpe, si me kɔ abe kristalo ene;


Eye womatu eƒe agbowo le ŋkeke me o; elabena zã mado le afima o,


Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvia ɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li ne.


elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa