Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 20:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye woyi anyigba la ƒe gbadzaƒe, eye woɖe to ɖe ame kɔkɔewo ƒe asaɖa kple du lolo la ŋu, eye dzo hlẽ tso dziƒo va fiã wo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Wozɔ to anyigba blibo la dzi heyi ɖaɖe to ɖe Mawu ƒe amewo ƒe asaɖa, du si wòlɔ̃na vevie la. Ke dzo ge tso dziƒo va fia wo katã.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 20:9
33 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa na aŋɔ kple dzo dza tso dziƒo tso Yehowa gbɔ ɖe Sodom kple Gomora dzi.


Esi Mawu ƒe ame la ƒe dɔla fɔ ŋdi kanya, eye wòdo go la, kpɔ ɖa, aʋakɔa ɖe kple sɔwo kpakple tasiaɖamwo de to de dua. Eye eƒe ɖekakpui la gblɔ bena: Oo, nye aƒetɔ, nuka wo ge míala?


Ekpɔ anyigba ƒe kekemea? Ne enya nusiawo katã la, gblɔe!


Dzo bi woƒe amehawo, eye dzoƒaɖe fiã ame vɔ̃ɖiawo.


Yehowa lɔ̃a Zion ƒe agbowo wu nɔƒewo katã le Yakob.


Dzo le yiyim le eŋgɔ, eye wòfiã eƒe futɔwo godoo va kpe.


Elabena wodzra dzotɔƒe ɖo ɖi xoxo, fiawo hãe wodzrae ɖo ɖi na, eye wògoglo hekeke; dzo kple nake li kpaŋkpaŋ hekpe ɖe eƒe nakekɔwo ŋu; Yehowa ƒe gbagba enye aŋɔtoʋu, si ato dzoe.


Tete Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wòtɔ le ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wo katã wòzu ame kukuwo sɔŋ.


eye àho ɖe nye dukɔ Israel ŋu, anyẽ atsyɔ anyigba la abe alilikpo ene; ŋkekeawo ƒe nuwuwu wòava me; Gog, makplɔ wò aƒu nye anyigba, ne dukɔwo nadze sim, ne mekɔ ɖokuinye ŋu ɖe ŋutiwò le wo ŋku me!


Matsɔ dɔvɔ̃ kple ʋu, tsidzadza gãwo kple tsikpewo adrɔ̃ ʋɔnui, eye mana dzo kple aŋɔ nadza ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kpakple dukɔ geɖe, siwo kpe ɖe eŋu la dzi.


Aho ava abe ahom ene, eye ava abe alilikpo ene, anyẽ atsyɔ anyigba la, mia kple wò aʋakɔ blibo la, eye dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋuwò.


Maɖo dzo ɖe Magog kple amesiwo le ƒukpowo dzi bɔkɔɔ la dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


Gligbãla aho adze wo ŋgɔ, woagbãe ato agbo nu age ɖe eme, eye woagado, woƒe fia adze wo ŋgɔ, eye Yehowa anɔ wo nu.


Kpɔ ɖa, manyɔ Kaldeatɔwo, dukɔ nyanyrã, si ƒe afɔ tsɔna; woatu anyigba ƒe ke-keme, ne woaxɔ nɔƒe, siwo menye wo tɔ o la.


Eye dukɔ la li liʋĩliʋi le Yehowa ŋu le fuwɔame ta Yehowa see; eye wòdo dɔmedzoe eye Yehowa na dzo dze aƒe le wo dome, eye asaɖa ƒe mlɔenu bi dzo.


Eye dzo tso Yehowa gbɔ fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃, siwo tsɔ dzudzɔdonu ve la.


ke le ŋkeke, si dzi Lot do go tso Sodom la, dzo kple dzokpe wu tso dziƒo, eye wotsrɔ̃ wo katã:


Elabena ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi,


Ke ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vo.


Ke esi nusrɔ̃lawo, Yakobo kple Yohanes, kpɔe la, wogblɔ bena: Aƒetɔ, èlɔ̃ bena, miana dzo natso dziƒo, eye wòafiã wo mahã?


Eye nakpa ati gbabɛ akpe ɖe wò aʋawɔnuwo ŋu, eye ne èle afɔdzi de ge la, natsɔe aɖe ɖoe, emegbe natsɔe axe ke ɖe edzi.


le dzo ƒe aɖe me, esime woabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyuie la o,


Azɔ la, minɛ míado go ayi ɖe egbɔ le asaɖa godo atso eƒe ŋukpe aɖo mía ɖokui dzi.


Eye ne amea ɖe ɖi be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, dzo dona tsoa woƒe nu me, eye wòfiãa woƒe ketɔwo; eye ne amea ɖe di be, yeawɔ vɔ̃ ɖe wo ŋu la, ele be, woawui nenema ke.


Eye wòwɔ dzesi gãwo bena, wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo dze anyigba le amewo ƒe ŋku me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa