Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 2:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 eye wòakplɔ wo kple gatikplɔ, eye woagbã wo gudugudu abe zemela ƒe zewo ene, abe alesi nye hã mekpɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 aɖu wo dzi kple gatikplɔ, atsɔ wo axlã ɖe nu woakaka abe ze ene, eye anɔ abe ale si mexɔ ŋusẽ tso fofonye gbɔ ene.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 2:27
12 Mawu Ofanana  

Esia nye amesiwo ɖoa ŋu ɖe wo ɖokui ŋu la, ƒe zɔzɔme, eye woƒe nya dzea wo yometɔwo ŋu. Sela.


Eye woagbã wo, abe alesi zemela ƒe ze gbãna gudugudu, ale be sonu gaglɛa ɖeke menɔa gbagbã la me, si woatsɔ aɖe dzo le adokpo me, alo woatsɔ aɖu tsii le vudo me o la ene.


ahagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi; Alea magbã dukɔ sia kple du siae, abe alesi wogbãa zemela ƒe ze eye womegatea ŋu trenɛ o la ene, eye woaɖi ame ɖe Tofet, le esi ameɖiƒe le vevem ta.


Fiaɖuƒe la asu dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo si, eye fiaɖuƒe la anɔ wo si me ɖaa tegbetegbe.


Mlɔeba la amegã ɖeɖi la va, eye wòtso afia na dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo, eye azã ɖe be, ame kɔkɔeawo naxɔ fiaɖuƒe la.


Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.


eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene,


Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.


Eye wòdzi ŋutsuvi, si latsɔ gatikplɔ akplɔ dukɔwo katã; eye wotsɔ via yi Mawu kple eƒe fiazikpui la gbɔ.


Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsrɔ̃e adza dukɔwo, eye woatso gatikplɔ akplɔ wo, eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa