Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 2:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ke mele gbɔgblɔm na mi ame mamletɔwo le Tiatira, amesiwo katã melé nufiafia sia me ɖe asi o, amesiwo menya Satana ƒe globoƒewo (abe alesi woyɔnɛ ene) o la: Nyemele agba bubua ɖeke da ge ɖe mia dzi o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Azɔ mele egblɔm na mi ame mamlɛ siwo le Tiatira, mi ame siwo melé eƒe nufiafia me ɖe asi o, eye miesrɔ̃ nu si woawo ŋutɔ le yɔyɔm be Satana ƒe nu goglowo o la, nyemada agba kpekpe bubu aɖeke ɖe mia dzi o.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 2:24
15 Mawu Ofanana  

Elabena enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple miawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gãa ɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o,


Eye nyɔnua ɖe, si ŋkɔ nye Lidia, aɖabɛdzrala tso Tiatira-dua me, amesi vɔ̃a Mawu la, ɖo to, amesi ƒe dzi Aƒetɔ la ʋu bena, wòlé to ɖe nya, siwo gblɔm Paulo le la ŋu.


Ke miawo la Mawu ɖee fia mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi; elabena Gbɔgbɔ la dzroa nuwo katã me kpɔna keke Mawu ƒe nu gogloawo me ke.


Ke mele vɔvɔ̃m bena, amea ɖe menya nu o, alesi da la tsɔ eƒe adaŋu vɔ̃ ble Xawa la, nenema ke woagblẽ miaƒe tamesusuwo tso dzimekɔkɔ, si miekɔ na Kristo la me mahĩ?


bena Satana nagaba mi o, elabena mienya eƒe tameɖoɖowo keŋkeŋ.


Nunya sia la menye dziƒo wòtso va o; ke anyigbadzitɔe, dzɔdzɔmetɔe, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔe.


Nusi nèkpɔ la, ŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye natsɔe aɖo ɖe hame adre, siwo le Efeso kple Smirna kple Pergamo kple Tiatira kple Sardes kple Filadelfia kple Laodikea.


Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.


Eye woble anyigbadzinɔlawo de dzesi, si wotsɔ nɛ, be wòawɔ le lã la ƒe ŋku me la ŋuti hele gbɔgblɔm na anyigbadzinɔlawo bena, woawɔ legba de lã, si ŋu wode abii kple yi, eye wòle agbe la ƒe nɔnɔme me nɛ.


Menya wò dɔwɔwɔwo kple afisi nenɔna, afisi Abosam ƒe zikpui le, eye nèlé nye ŋkɔ me ɖe asi sesĩe, eye mèsẽ nu le dzinye xɔxɔse ŋuti le ŋkeke, siwo me ke wowu Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla le mia dome, afisi Abosam nana la o.


Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Tiatira la, ƒe ɖɔla bena: Mawuvi, amesi ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzẽ biabia ene la, eyae gblɔ esiawo bena:


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa