Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 2:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee, eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi, si amea ɖeke menya o, negbe amesi xɔe la koe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Ame si to senu li na la nese nu si gblɔm Gbɔgbɔ la le na hameawo. Ame si ke ɖu dzi la, mana mana ɣaɣla la ƒe ɖee eye mana kpe ɣie, eye le kpea dzi la woŋlɔ ŋkɔ yeye ɖi si ame aɖeke menya o, negbe ame si xɔe la koe.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 2:17
24 Mawu Ofanana  

Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.


Mawu, wò amenuveve xɔ asi loo! Amegbetɔviwo be ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Tsɔ zevia ɖe, eye nade man gomer ɖeka eme fũ, eye natsɔe ada ɖe Yehowa ŋku me, bena wòanɔ anyi hena miaƒe dzidzimeviwo.


Dzi nya eya ŋutɔ ƒe nuxaxa, eye ame tutɔ mate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖee ti o.


Elabena godzela enye ŋunyɔ na Yehowa, ke tsi metoa eya kple dzime dzɔdzɔe tɔ domee o.


Elabena ale Yehowa gblɔ na ame tata, siwo dzraa nye dzudzɔgbewo ɖo, wotiaa nusi dzea ŋunye, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu tsehee la, enye si:


Mana ŋkuɖodzinu kple ŋkɔ, siwo nyo wu ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo la wo ɖe aƒenye me kple nye gliwo me; ŋkɔ mava, si metsrɔ̃na o la, mana amesiawo tɔgbe.


Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye, fiawo katã akpɔ wò ŋutikɔkɔe, eye woayɔ ŋkɔ yeye, si Yehowa ƒe nu agblɔ la, na wò.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo la, tsikɔ awu mi; kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo la, ŋu akpe mi.


Eye miagblẽ miaƒe ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo woatsɔ ado ɖiŋui be: „Alea Yehowa nawu wòe!“ Ke ayɔ ŋkɔ yeye na eƒe dɔlawo ya,


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.


Ne amea ɖe to senu ti nɛ la, nesee!


Ke egblɔ na wo bena: Nye la nuɖuɖu le asinye, be maɖu, si miawo mienya o.


Ke dzɔdzɔmeme mexɔa Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsinuwo nɛ, eye mate ŋu adze sii o, elabena Gbɔgbɔ wotsɔna kpɔa eme.


Elabena mieku, eye wotsɔ miaƒe agbe kple Kristo ɣla ɖe Mawu me.


Eye wodzi ha yeyea ɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye amea ɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃a ɖekee o.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔna hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.


Amesi ke to li nɛ la, nèse nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa