Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 19:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wogagblɔ zi evelia bena: Mikafu Yehowa! Eye eƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Wogado ɣli ake be, “Haleluya! Eƒe dzotɔtɔ ƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me.”

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 19:3
9 Mawu Ofanana  

Eye esi wòkpɔ Sodom kple Gomora kple afima nutowo katã me le abu me ɖa la, kpo ɖa, dzudzɔ gãa ɖe le dzi dem tso anyigba la dzi abe aŋɔɖaƒe ene.


Nuvɔ̃wɔlawo atsrɔ̃ le anyigba dzi, eye ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o! Luʋɔnye, kafu Yehowa! Mikafu Yehowa!


Matsi o zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee, atsi anyi gbegbee tso dzidzime yi dzidzime, eye amea ɖeke mato edzi akpɔ o tegbee.


Abe alesi wotsɔ Sodom kple Gomora kple du, siwo ƒo xlã wo, siwo wo ahasi akpa abe woawo ene, eye wodze ŋutilã bubu yome la, wo kpɔɖeŋu, esi wokpe dzo mavɔ ƒe fu la:


Eye woƒe fu wowɔ ƒe dzudzu la tu le dziƒo yim tso mava me yi ɖe mavɔ me, eye amesiwo de ta agu na lã la kple amesi ke xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o.


Eye esi wokpe eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, wodo ɣli gblɔ bena: Du kae sa kple du gã ma mahã?


Eye ne anyigba dzi tia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ.


Nusiawo megbe la mese gbe gãa ɖe le abe ameha gãa ɖe ƒe gbeɖiɖi ene, le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ;


Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye woɖo gbe ɖa na Mawu, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Amen, mikafu Yehowa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa