Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 19:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo nye nyateƒe, eye wole dzɔdzɔe. Ebu fɔ gbolo gã la, ame si do gu anyigba to eƒe ahasiwɔwɔwo me. Ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu ta.”

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 19:2
16 Mawu Ofanana  

Eye tsrɔ̃ wò aƒetɔ Axab ƒe aƒe la, ne mabia hlɔ̃ Izebel ɖe nye dɔla nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kple Yehowa ƒe dɔlawo katã ƒe ʋu nu.


Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.


Yehowa, nye Mawu nènye, mado wò ɖe dzi, eye makafu wò ŋkɔ! Elabena èwɔ nukunuwo, wò gbaɖegbe tameɖoɖowo nye nyateƒe, eye wometrɔna o!


Eye woaɖi ʋɔnu axɔ dziɖuɖu la le esi, eye woagblẽe ahatsrɔ̃e gbiɖigbiɖi.


Tanye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo le gbesigbe woƒe afa ada; elabena woƒe gbegblẽɣi le aƒe tum, eye nusi woɖo ɖe wo ŋu la, le edzi ɖo ge kaba.


Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.


Mi dukɔwo mitso aseye ɖe eƒe dukɔ ŋu, elabena ebia hlɔ̃ ɖe eƒe dolawo ƒe ʋu nu; ebia hlɔ̃ eƒe futowo, eye wòlé avu na eƒe anyigba kple eƒe dukɔ!


Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, aƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo!


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.


eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa