Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 18:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye ne anyigba dzi tia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 “Ne anyigbadzifia siwo wɔ ahasi kplii, eye wokpɔ gome le eƒe kesinɔnuwo me kpɔ dzo si wotɔe ƒe dzudzɔ la, woafa avi, eye woafa nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 18:9
24 Mawu Ofanana  

Eye esi wòkpɔ Sodom kple Gomora kple afima nutowo katã me le abu me ɖa la, kpo ɖa, dzudzɔ gãa ɖe le dzi dem tso anyigba la dzi abe aŋɔɖaƒe ene.


Hafi aŋɔkadzo nabi ɖe miaƒe zewo ŋu la, aɖe wo ɖa le dɔmedzoe me, esime wogale mumu.


Ale woava me na Babel, si nye fiaɖuƒewo ƒe nu vevi kple Kaldea-tɔwo ƒe adegbeƒoƒo kple atsyɔ la, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene.


Elabena wodzra dzotɔƒe ɖo ɖi xoxo, fiawo hãe wodzrae ɖo ɖi na, eye wògoglo hekeke; dzo kple nake li kpaŋkpaŋ hekpe ɖe eƒe nakekɔwo ŋu; Yehowa ƒe gbagba enye aŋɔtoʋu, si ato dzoe.


Yehowa be: Ame matso aƒe ɖe afima alo amegbetɔvia ɖe nanɔ eme o, abe alesi Mawu trɔ Sodom kple Gomora kpakple woƒe aƒelikawo bu anyii ene.


Anyigba ʋuʋu, eye wose konyifaɣli le dukɔwo dome le ɣli, si ɖi be, woxɔ Babel la ta.


Zi ɖeka kasia Babel ge dze anyi hegbã. Mifa avi ɖe eŋu, miɖatsɔ atike vɛ hena eƒe veveseseawo, ɖewohĩ eƒe lãme ahaya.


Ƒukpo dzinɔlawo katã ƒe nu ku ɖe ŋuwò, woƒe fiawo ƒe lãme ble fu, eye woɖo adã lilili.


Esia nyee dzɔlawo ƒe tameɖodo, eye kɔkɔetɔ la ƒe se enye nya sia, ne agbagbeawo nadze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana, eye ate ŋu atsɔ ame tsɛwo ado wo nu.


eye dukɔwo katã agble bena: Nukaŋuti Yehowa wo anyigba sia alea, eye dɔmedzoe gã ka ƒomevi enye si?


Ke gbe ahosi, siwo metsi haɖe o; elabena ne wodze ha ɖe Kristo ŋuti la, wodina be, yewoaɖe srɔ̃,


Eye woƒe fu wowɔ ƒe dzudzu la tu le dziƒo yim tso mava me yi ɖe mavɔ me, eye amesiwo de ta agu na lã la kple amesi ke xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o.


amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,


Eye esi wokpe eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, wodo ɣli gblɔ bena: Du kae sa kple du gã ma mahã?


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.


Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.


Eye wogagblɔ zi evelia bena: Mikafu Yehowa! Eye eƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Kpɔ ɖa, matsɔe aƒu aba dzi, eye amesiwo wɔ ahasi kpakplii la, ne wometrɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me o la, matsɔ wo aƒu xaxa gãa ɖe me?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa