Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 18:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwo fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be, ‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 18:7
16 Mawu Ofanana  

Tete fia la gblɔ na Haman bena: Netsɔ, natsɔ awua kple sɔ la, eye nawɔ na Yudatɔ Mardoxai, amesi bɔbɔ nɔ fia ƒe agbonu la, abe alesi negblɔ ene; eye megana naneke nato le nya, siwo katã negblɔ la me o!


Egblɔna le eƒe dzi me bena: Ke maɖe le tenye akpɔ o, eye amesi maɖo dzɔgbevɔ̃e me ɣeaɖekeɣi akpɔ gbeɖegbeɖe o la, menye.


Wò avɔwo katã nye lifi, sikɔni kple kotoklobo; saŋkuƒoƒo le dzidzɔ dom na wò le nyiɖufiasã me.


Gblɔ na fia kple fia srɔ̃ bena: Mibɔbɔ nɔ anyi me, elabena miaƒe atsyɔ̃fiakuku ge le mia ta!


Ao, du, si ame yɔ, tsi akogo! Du ga le dukɔwo dome zu ahosi; duwo ƒe fia zu yakadɔwɔla.


Ànoe ƒiaƒiaƒia ahaɖuɖɔ eƒe gbagbana biɖabiɖa, eye ade abi wò no ŋu; Aƒetɔ Yehowa be: Nyee gblɔe!


Wò dzi ƒe dàda ble wò, wò amesi le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe kɔkɔƒewo, wò amesi le gbɔgblɔm le wò dzi me be: Ameka atutum aƒu anyi?


Ɖe ɖu, si nɔa aseye tsom, eye wòli bɔkɔɔ henɔa gbɔgblɔm le eƒe dzi me be: Míawoe nye gɔglɔ̃mitɔgɔ̃wo la, nye esia? Ke azɔ la ezu gbegbe kple gbemelãwo mlɔƒe, eye amesiame, si ato eŋu ayi la, ado tsiã, eye wòaʋuʋu asi.


Ke gbe ahosi, siwo metsi haɖe o; elabena ne wodze ha ɖe Kristo ŋuti la, wodina be, yewoaɖe srɔ̃,


Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.


Eye ne anyigba dzi tia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa