Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 18:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Miɖo teƒe ne, abe alesi eya hã ɖo eteƒe na mi ene, miɖo teƒe ne teƒe eve le eƒe dɔwɔwɔwo nu, kplu, si me wòtɔtɔ nu le la, mitɔtɔ nu teƒe eve nu ɖe eme nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Wɔe nɛ abe ale si wòwɔ ene. Ɖo eteƒe nɛ zi eve ɖe nu si wòwɔ la ta. Tɔtɔ eya ŋutɔ ƒe kplu eve ne nàtsɔ nɛ.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 18:6
21 Mawu Ofanana  

Babel-nyɔnuvi, wò aƒedo, woayra amesi aɖo nusi nèwɔ mí la, teƒe na wò!


Wɔ na wo le woƒe nuwɔnawo kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo nu; wɔ na wo le woƒe asinudɔwɔwɔwo nu, eye nam woƒe fe na wo!


Mide dzi ƒo na Yerusalem be, eƒe aʋawɔdɔ la wu enu, eye woxe eƒe vodada ŋu fe, elabena exɔ teƒeɖoɖo eve nu tso Yehowa gbɔ ɖe eƒe nuvɔ̃wo katã ta.


Le woƒe ŋukpe eve ƒokpli kple woƒe vlododo, si nye woƒe gome ta la woaxɔ teƒeɖoɖo eve nu le woƒe anyigba dzi, eye woakpɔ dzidzɔ tegbee.


Gbagbiãgba la maxe woƒe vodadawo kple woƒe nuvɔ̃wo ŋu fe na wo zigbɔ zi eve, elabena wotso woƒe nu makɔmakɔwo ƒe kukuwo gblẽ kɔ ɖo na nye anyigba, eye wotso woƒe ŋunyɔnuwo yɔ nye domenyinu la dzi fũ.


Ŋu nekpe yonyemetilawo, ke nye la, ŋu megakpem o, dzi neɖe le wo ƒo, ke dzi megaɖe le nye ya ƒo o. He dzɔgbevɔ̃eɣi va wo dzi, eye nagbã wo gudugudu agagbã wo ɖe dzi!


Mitso ayiboopɛɛ ɖe eŋu godoo; ena ta, eƒe sɔtiwo ŋe dze eme, eye eƒe gliwo mũ, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biabia nye esia; mibia hlɔ̃e, eye miwɔ nɛ, abe alesi wòwɔ ene!


Miyɔ aŋutrɔdalawo ɖe Babel ŋu! Mi amesiwo katã hea da me, miɖe to ɖee godoo va kpe, amea ɖeke megakpɔtɔ o! Miɖo eƒe nuwɔna teƒe nɛ, miwɔ nɛ pɛpɛpɛ, abe alesi wòwɔ ene, elabena Yehowa, Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu wòwɔ nu tovo ɖo.


Ke mahe to na Babel kple Kaldeatɔwo katã le mia ŋku me le woƒe vɔ̃, siwo katã wowɔ ɖe Zion ŋu la ta, Yehowa ye gblɔe.


Israel ƒe ame tsiaʋawo, ele na Babel hã be, woatsi aʋa, abe alesi anyigba blibo la ƒe amewo tsi aʋa le Babel ta ene.


Yehowa, ɖo eteƒe na wo le woƒe asinudɔwɔwɔwo nu.


Mi gatɔ siwo le mɔ kpɔm, mitrɔ gbɔ va mɔ̃ sesẽ la me! Mele gbe ƒã ɖem egbea be: Maɖo eteƒe na wò zi gbɔ zi eve.


Aleksandro, akɔblitula, wɔ vɔ̃ geɖe ɖe ŋunye; Aƒetɔ la aɖo eteƒe ne le eƒe nuwɔnawo nu;


Ne amea ɖe de ame gaxɔ me la, woaɖe eya hã gaxɔ me: ne amea ɖe wu ame kple yi la, ele be, woawu eya hã kple yi. Afii ame kɔkɔewo ƒe dzidodo kple woƒe xɔse le.


eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o, eye woatsɔ dzo kple dzokpe ewɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me.


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,


Eye nyɔnu la do aɖabɛwu kple awu dzi, eye wòwɔ leke kple sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo, eye sikakplu, si me yɔ fũ kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye la, le esi.


Dzi nedzo mi le eta, wò dziƒo kple mi ame kɔkɔewo kple mi apostolowo kple mi nyagblɔɖilawo; elabena Mawu dra mia nya na mi hebia hlɔ̃e.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa