Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 18:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 eye akaɖi ƒe keklẽ megale keklẽ ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o: elabena wò asitsalawo nye anyigba dzi megãwo; elabena woble dukɔwo katã to wò afakaka me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Womagakpɔ akaɖi ƒe bibi le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe magaɖi le mewò akpɔ gbeɖe o. Wò asitsalawoe nye ame xɔŋkɔwo le xexea me; ètsɔ wò akunyawɔwɔ kplɔ dukɔwo katã trae.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 18:23
26 Mawu Ofanana  

Esi Yoram kpɔ Yehu la, egblɔ bena: Yehu, ŋutifafaea? Eɖo ŋu bena: Ŋutifafa ka? Esi dawo Izebel ƒe ahasiwɔwɔ kple dzosasa ta le agbɔ sɔm ɖaa ko laa?


Zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi mehetsina, eye woƒe gbegblẽ mehevaa wo dzi o? Emãa woƒe gome na wo le eƒe dɔmedzoe me,


elabena ŋu nyui kegbe meli na ame vlowo o, eye ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi atsi.


Amekae ɖo esia ɖe Tiro, si ɖaa fiakuku na ame la ŋu? Eƒe asitsalawo nye amegãwo, eye eƒe nudzralawo nye ame ŋkutawo le anyigba dzi.


Eyata nusiawo kple eve adzɔ ɖe dziwò gbe ɖeka kpoyi, woaɖe vi le ŋuwò, eye nazu ahosi; to wò dzosasa geɖeawo kple wò gbesa gbogboawo gbɔ hã woaƒo ɖe dziwò bibibi.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsi aseyetsotso ƒe ɖiɖi, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ɖiɖi, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu le teƒe sia le mia ŋku me le mia ŋɔli.


Eye matsi aseyetsotso ƒe ɖiɖi kple dzidzɔ ƒe ɖiɖi, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, tetutu ƒe ɖiɖi kple akaɖi ƒe keklẽ nu le wo dome.


Eye mana aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu natso le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo; elabena anyigba la azu gbegbe.


Le gbolo ƒe ahaslwɔwó vivivo kple dzotɔ dzetugbee nyo la, amesi tso eƒe gholowɔwɔ ƒle dukɔwoe, eye wòtsɔ eƒe dzosasa ƒle ƒomewoe ta la,


Ke woku ɖe eŋu; elabena xoxoxo wòna woƒe nu ku le eƒe afakaka la ŋuti.


Eye wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame kalẽ blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.


amesia kple anyigba dzi fiawo wo ahasi, eye wòna anyigbadzinɔlawo mũ eƒe ahasiwɔwɔ ƒe aha la,


Eye woŋlɔ ŋkɔ, si nye nya ɣaɣla lã, ɖe eƒe ŋgonu bena: Babilon gã la, gbolowo kple anyigba dzi ŋunyɔnuwo ƒe dada.


eye womegale saŋkuƒolawo kple hadzilawo kple dzekulawo kple kpẽkulawo ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale aɖaŋuwɔla bubu ƒomevia ɖeke kpɔ ge le mewò o, eye womegale tetutu se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o;


Elabena dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la, eye anyigba dzi fiawo wɔ ahasi kplii, eye anyigba dzi sitsalawo trɔ zu kesinɔtɔwo le eƒe hadzedze vivivo ƒe ŋusẽ ŋuti.


Eye ne anyigba dzi tia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Ke avũwo kple afakalawo kple matrewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple trɔ̃subɔlawo kpakple amesiame, si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woatsi agbo la godo.


Eye zã megale dodo ge o; eye womele akaɖi alo ɣe ƒe keklẽ hiã ge o; elabena Aƒetɔ Mawu ana keklẽ wo, eye woaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Eye anyigba dzi fiawo kple amegãwo kple aʋafia gãwo kple kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo kple kluviwo katã kpakple ablɔɖeviwo katã ɣla wo ɖokui ɖe dowo kple towo ƒe agawo me;


Eye wometrɔ tso woƒe hlɔ̃dodowo kple woƒe afakakawo kple woƒe ahasiwɔwɔwo kpakple woƒe fififiwo me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa