Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 18:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 eye womegale saŋkuƒolawo kple hadzilawo kple dzekulawo kple kpẽkulawo ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale aɖaŋuwɔla bubu ƒomevia ɖeke kpɔ ge le mewò o, eye womegale tetutu se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Kasaŋkuƒolawo, hadzilawo, dzekulawo kple kpẽkulawo la, womagase woƒe ŋkɔ le mewò akpɔ gbeɖe o. Nenema ke womagakpɔ asinudɔwɔla aɖeke tɔgbi le mewò akpɔ gbeɖe o. Womagase wɔtutewo ƒe wɔtutu le mewò akpɔ gbeɖe o.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 18:22
10 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, zã ma neɖi ƒuƒlu, eye aseye megaɖi le eme o!


eye wodoa ʋɔtru, siwo lrɔ ɖe abla me, elabena wɔtutu megale ɖiɖim sesĩe o, eye wofɔna, ne xevi ƒe gbe tete ɖi, eye nyɔnu hadzilawo ƒe gbeme xena;


eye wògblɔ bena: Màgatso aseye o, wò Zidon-ɖetugbi, si wogblẽ; tso, nayi Kititɔwo gbɔ, màkpɔ gbɔdzɔe le gama hã o.


Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsi aseyetsotso ƒe ɖiɖi, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ɖiɖi, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu le teƒe sia le mia ŋku me le mia ŋɔli.


Eye matsi aseyetsotso ƒe ɖiɖi kple dzidzɔ ƒe ɖiɖi, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, tetutu ƒe ɖiɖi kple akaɖi ƒe keklẽ nu le wo dome.


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


Eye mana aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu natso le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo; elabena anyigba la azu gbegbe.


Matsi wò hadzidziwo ƒe ɖiɖi nu, eye womagase wò kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi azɔ o.


Ke esi Yesu va amegã la ƒe me, eye wòkpɔ dzekulawo kple ameha, siwo le ʋunyaʋunya wɔm la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa