Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 17:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka ƒo nu kplim gblɔ bena: Va afii, ne mafia gbolo gã, si bɔbɔ na tsi geɖewo dzi la, ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ wò;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Mawudɔla adreawo dometɔ ɖeka si lé kplu adreawo ɖe asi la va gblɔ nam be, “Va, mafia tohehe si woana gbolo gã si nɔ anyi ɖe tsi geɖewo dzi la wò.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 17:1
20 Mawu Ofanana  

Aleke du wɔnuteƒe, si me nya dzɔdzɔe no tu la, zu gbolo? Afisi dzɔdzɔenyenye na tsã la, hlɔ̃dolawo li fifia!


Mi nyɔnu dzosala ƒe viwo, mi ŋutsu ahasitɔ kple gbolo ƒe dzidzimeviwo, mite va!


Elabena tso gbaɖegbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò kawo gblɔ bena, yemasubɔ o. Elabena ènye ahasitɔ mlɔ togbɛ kɔkɔwo katã dzi kple ati damawo katã gɔme.


Wò amesi le lɔ gãwo to, eye kesinɔnu ɖo agbogbo ɖe asiwò, wò nuwuwu ɖo, eye dzidze, si nu woalã wò ɖo la ɖe!


Tsiwo na wòtsi, eye agu me tsiwo na wòkɔ, woƒe tɔsisiwo si ƒo xlã ati dodo la, eye woɖe tɔʋuwo ɖo ɖe gbemetiwo katã.


Eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Alo míaƒe dzi melé dzo le mia me, esi wòle nu ƒom na mi le mɔa dzi, eye wòle ŋɔŋlɔawo me ɖem na mí la o mahã?


Eye kpɔ ɖa, ŋutsu eve wole dze ɖom kplii, amesiwo nye Mose kple Eliya;


Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes,


Eye mekpɔ dzesi bubu le lu dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku; mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo de asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.


Eye du gã la ma ɖe akpa etɔ me, eye dukɔwo ƒe duwo mũ; eye woɖo ŋku Babilon gã la dzi le Mawu ƒe ŋku me, bene woana eƒe dɔmedzoedziku ƒe ahakplui, ne wòano.


Eye nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla bubua de le didim tso dziƒo, eye ŋusẽ gã le esi, eye eƒe ŋutikɔkɔe klẽ de anyigba dzi.


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.


Eye wògblɔ nam bena: Ŋlɔ bena: Woayra amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.


Eye amesi le nu ƒom kplim la, lé sikadzidzeti ɖe asi, be yeadzidze du le kple eƒe agboawo kpakple eƒe gli la.


Eye mawudɔla adre, siwo si kplu adre, siwo yɔ fũ kple fuwɔame mamletɔ adreawo nɔ la, dometɔ ɖeka va, eye wòƒo nu kplim gblɔ bena: Va abi, ne mafia ŋugbetɔ, si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò!


Nusia wo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtrua ɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena; Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa