Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 16:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye dzoxɔxɔ gã ŋuta ɖu amewo, eye wode busu Mawuƒe ŋkɔ, si kpo ŋusẽ ɖe fuwɔame siawo dzi, eye wometrɔ le woƒe dzi me, bene woatsɔ kafukafu nɛ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ɣe la ɖu wo vevie ale gbegbe be woƒo fi de Mawu ƒe ŋkɔ, ame si kpɔ ŋusẽ ɖe dɔvɔ̃ siawo dzi la. Ke wogbe be yewomatrɔ dzi me atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ o.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 16:9
20 Mawu Ofanana  

Ke esi wogale nu ƒom kpli wo la, kpo ɖa, fia la do ɖe egbɔ gblɔ bena: Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e sia tso Yehowa gbɔ, nukata maganɔ mɔ kpɔm na Yehowa?


Ke Axaz sia gãwo nu tovo ɖe dzi ɖe Yehowa ŋu le ɣeyiɣi, si me woxaxae ɖo.


Nukaŋuti woanɔ mia ƒoƒo dzi, esi miele godzedze dzi ɖaa? Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli.


Woanɔ tsa glãla tsam, woate wo ɖe anyi, eye do awu wo, eye ne do le wo wum la, wòado dziku ahaƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu. Eye ne wofa ko dzi


Le ŋkeke geɖe megbe la Yehowa gblɔ nam be: Tso nayi Frat nu naɖatsɔ alidziblanu, si megblɔ na wò be, naɣla ɖe afima la.


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.


Gbeɖe, ke boŋ mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.


Gbeɖe, ke boŋ mele egblɔm na mi bena: Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.


bena ne megava la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le mia gbɔ, eye mala konyi le ame geɖe, siwo wɔ nuvɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye kple ahasiwɔwɔ kple hadzedze, siwo wowɔ ŋuti o la ta.


Tete Yosua gblɔ na Axan bena: Vinye, de bubu Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu, eye na woakafui! Gblɔe nam dzro, nuka gɔ̃ nèwɔ? Megada alakpa nam o!


Eye le gaƒoƒo kema ke me la anyigba ʋuʋu ŋutɔ, eye du la ƒe akpa ewolia mũ dze anyi, eye wowu ame akpe adre le anyigbaʋuʋu la me, eye susɔeawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na dziƒo Mawu la.


eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye miɖe ta agu na amesi wo dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.


Eye tsikpe gã, siwo ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka la, dza tso dziƒo hlẽ ɖe amewo dzi, eye amewo do busu Mawu le tsikpeawo ƒe fuwɔame la ŋuti; elabena woƒe fuwɔame la nu sẽ ŋuta.


Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o.


Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo-kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa