Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 16:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye gbãtɔa yi, eye wòtrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye ƒoƒoe vɔ̃, si vena ŋutɔ la, ƒo amesiwo ŋu lã la ƒe dzesi le kple amesiwo de ta agu na eƒe legba la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Mawudɔla gbãtɔ yi ɖatrɔ eƒe kplu la kɔ ɖe anyigba dzi, eye dɔvɔ̃ la na be abi makumaku kple abi si nana wosea veve la kaka ɖe ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, eye wosubɔ eƒe legba la dome.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 16:2
22 Mawu Ofanana  

Ke wò ŋutɔ la adze dɔ ɖe wò dɔkawo ŋu, eye dɔlele la ana be, nanye wò dɔkawo agbadre.


Eye le nusiawo katã megbe la Yehowa ɖe fu nɛ, eye wòdze dɔ vɔ̃ɖia ɖe ɖe eƒe dɔkawo ŋu.


Ena ɣedzeƒeya ƒo le dziƒo ŋu, eye wòtsɔ eƒe ŋusẽ kplɔ dzieheya vɛ.


eyata Aƒetɔ la abebe ta na Zion-nyɔnuviwo, eye Yehowa aɖe ama wo.


Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe ʋeʋẽ lilili teƒe, ka axɔ ɖe alidziblanu teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖaƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya nyui teƒe, eye dzobi axɔ ɖe nyonyo teƒe.


Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.


Yehowa akplɔ Egiptetɔwo ƒe zubo, ƒoƒoe, anyi kple akpa aƒu wò, eye mahaya akpɔ o.


Yehowa ana nuƒoƒo vɔ̃ɖia ɖe naƒo klo kple sobo na wò, tso afɔƒome vaseɖe ta me, eye màhaya akpɔ o.


Eye Yehowa axe mɔ na dɔlélewo tsyo ƒomevi le ŋuwò, eye makplɔ Egiptedɔvɔ̃, siwo katã nenya la, aƒu wò o, ke boŋ akplɔ wo aƒu wò ketɔwo.


Eye wòwɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽdɔwo katã le eƒe ŋku me. Eye wòwɔ anyigba la kple amesiwo nɔ edzi la bena, woadze klo asubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la.


Eye amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la, do eƒe hɛ gobɛ ɖe anyigba dzi, eye wòya anyigba dzi nuwo.


Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena; Ne amea ɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la,


Eye mese gbe gãa ɖe tso gbedoxɔa me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo bena: Miheyi, ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo akɔ ɖe anyigba dzi.


eye wodo busu dziƒo Mawu la le woƒe fukpekpe kple woƒe ƒoƒoeawo ta, eye wometrɔ tso woƒe nuwɔnawo me o.


Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eve gbe mumuwo katã fiã.


Eye Yehowa ƒe asi sẽ ɖe Asdodtɔwo dzi, egblẽ wo, eye wòna ƒoƒoe te Asdodtɔwo kple amesiwo le woƒe nutowo me.


Ke esi aɖaka la va afima la, Yehowa ƒe asi he ŋɔdzi gãa ɖe va ɖu la dzi, eye wòna ƒoƒoe te duametɔwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa