Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 16:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat-tɔsisi gã la dzi, eye eme tsi la mie, bene woadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat tɔsisi gã la me, eye emetsi la katã mie, ne wòadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 16:12
15 Mawu Ofanana  

Yehowa ana Egipte-ƒu la ƒe ado namie, eye anyẽ eƒe asi ɖe tɔsisi la dzi le eƒe ya sesẽ me, eye wòamãe ɖe tonu adre me, ale be woano atokota me atsoe.


Menya amea ɖe tso anyiehe wòva, amesi aɖe gbe ƒã nye ŋkɔ la, tso ɣedzeƒe; azɔ anyigba-nunɔlawo dzi abe anyi me ene, eye abe alesi zemela nyãa tsui ene.


Magblẽ towo kple togbɛwo, eye mana woƒe gbe mumuwo katã naƒu, mana tɔsisiwo nado kpo, eye mana táwo namie.


eya, amesi gblɔ na to gome be, mie, eye mana wò tɔsisiwo naƒu kplakplakpla;


nye amesi yɔ hɔ̃ tso ɣedzeƒe kple ŋutsu, si nye nye tameɖoɖotsɔla la, tso anyigba matsɔmatsɔ dzi; megblɔ nya, eye mana woava eme hã, meɖo nu, eye mawɔe hã.


eyata Aƒetɔ la akplɔ tɔsisi la ƒe tsi gã sẽŋuwo ava ƒo ɖe wo dzi, si nye Asur-fia kple eƒe ŋusẽ blibo; ayɔ eƒe baliwo katã me, eye wòagbagba eƒe tɔgowo katã,


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Madrɔ̃ wò nya, eye mabia hlɔ̃ na wò, mana woƒe atsiaƒu naƒu kplakplakpla, eye woƒe vudo namie.


Vɔ̃ evelia nu va yi, kpɔ ɖa, vɔ̃ etɔ̃lia gbɔna kaba.


Eye wògblɔ nam bena: Tsi, siwo nèkpɔ, siwo dzi gbolo la bɔbɔ nɔ la, wonye dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo.


Eye mekpɔ mawudɔla bubu le dodom tso ɣedzeƒe, eye Mawu gbagbe la ƒe nutrenu le esi, eye wòdo ɣli kple gbe gã ɖo ɖe mawudɔla ene, siwo wona ŋusẽe be, woawɔ vɔ̃ anyigba kple atsiaƒu la, wòle gbɔgblɔm bena:


le gbɔgblɔm na mawudɔla adelia, si lé kpẽ la ɖe asi la bena: Tu dɔla ene, siwo wobla ɖe Frat-tɔsisi gã la to.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa