Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 16:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã la ƒe zikpui dzi, eye eƒe fiaduƒe do viviti, eye woɖu ade le fukpekpe la ta,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Mawudɔla atɔ̃lia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi, eye viviti nye tsyɔ eƒe fiaɖuƒe la. Amewo ɖu aɖe le vevesese ta,

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 16:10
22 Mawu Ofanana  

Eɖo eƒe dɔmedzoe heliheli, nyanyrã, dziku kple xaxa ɖe wo, siwo nye dɔla vɔ̃ɖiwo ƒe ha.


eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzokpo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Tete fia la gblɔ na kplɔ̃ŋutisubɔlawo bena: Mibla afɔwo kple asiwo nɛ, eye mitsɔe ƒu gbe de viviti tsiɖitsiɖi la me, afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


eye wòafe eyama ɖe eve, eye wòana eƒe gomee akpe ɖe alakpatɔwo ŋu: afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


hafi fiaɖuƒe la ƒe viwo la, woatso wo aƒu gbe ɖe viviti, si le egodo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.


Afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ, ne miakpɔ Abraham kple Isak kple Yakob kple nyagblɔɖilawo katã le mawufiaɖuƒe la me, ke wotsɔ miawo ya ƒu gbe ɖe egodo.


Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, miyɔ Mawu, mibu fia la.


Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.


Eye naɖe xɔxɔnu, si le gbedoxɔa ŋu la, le eme, eye megadzidzee o; elabena wotsɔe na trɔ̃subɔlawo, eye woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blane vo eve sɔŋ.


Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ ɖu sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le.


Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.


Afii gɔmesese, si me nunya le la, hiã le: Ta adreawo nye to adre, siwo dzi nyɔnu la bɔbɔ nɔ,


Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza.


Eye mawudɔla sesẽa ɖe tsɔ kpea ɖe, si le abe te gãa ɖe ene, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe ƒu me le gbɔgblɔm bena: Ale woatsɔ Babilon, du gã la, axlã ɖe anyi sesĩe enye si, eye womegale ekpɔ ge gbeɖegbeɖe akpɔ o,


eye akaɖi ƒe keklẽ megale keklẽ ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o: elabena wò asitsalawo nye anyigba dzi megãwo; elabena woble dukɔwo katã to wò afakaka me.


Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.


Eye woʋu aʋli me vudo la nu, eye dzudzɔ lu tso vudo la me abe kpodzo gãa ɖe ƒe dzudzɔ ene, eye ɣe kple yame do viviti le vudo la ƒe dzudzɔ la ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa