Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyaɖeɖefia 16:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye mese gbe gãa ɖe tso gbedoxɔa me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo bena: Miheyi, ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo akɔ ɖe anyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔ la me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo be, “Miyi ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo kɔ ɖe anyigba dzi.”

Onani mutuwo Koperani




Nyaɖeɖefia 16:1
17 Mawu Ofanana  

Trɔ wò dziku heliheli la kɔ ɖe dukɔ, siwo menya wò o, kpakple fiaɖuƒe, siwo meyɔ wò ŋkɔ o la dzi!


Trɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe dukɔ, siwo medze si wò o, kple ƒome, siwo meyɔ wò ŋkɔ o la dzi, elabena woɖu Yakob, ẽ, woɖui petepete, eye wogblẽ eƒe nɔƒewo.


Eye wògblɔ na ŋutsu, si ta aklala bena: Yi ɖe tasiaɖam, siwo le Kerubiawo gome la domee, eye naku dzo asiʋlo ɖeka le Kerubiawo domee akɔ ɖe dua dzi! Eye wòyi mekpɔ.


Eyata metrɔ nye dɔmedzoe ƒo ɖe wo dzi, metso nye dzinu ƒe dzo tsrɔ̃ wòe, eye mehe woƒe zɔzɔme va woƒe ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, eye mana fiaɖuƒewo nakpe ta, ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi. Elabena nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la.


Eye wotu mawuxɔ, si le dziƒo, eye wokpɔ eƒe nubablaɖaka le eƒe xɔ la me, eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo kple anyigbaʋuʋu kple tsikpe gãwo va dzɔ.


Eye mawudɔla bubua ɖe do tso gbedoxɔ me le ɣli dom kple gbe gã do de amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la bena: Do wò hɛ gobɛ la ɖa, ne naya nu; elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba dzi nuwo ɖi!


Eye mawudɔla bubua ɖe, si kpɔ ŋusẽ ɖe dzo dzi la, do tso vɔsamlekpui la me, eye wòdo ɣli kple gbe gãa de do de amesi lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi la bena: Do wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la da, ne nala anyigba dzi weinka ƒe kpowo; elabena eƒe kutsetseawo di!


Eye mekpɔ dzesi bubu le lu dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku; mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo de asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.


Eye mawudɔla adrelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe ya me, eye gbe gãa ɖe ɖi tso gbeɖoxɔa me tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Wowɔe vɔ!


Eye Yehowa dɔ wò ɖe nugbe gblɔ bena: Yi naɖatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔla, siwo nye Amalekitɔwo la gbidigbidi, eye nawɔ aʋa kpli wo, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo!


Eyata yi, nasi Amalek, eye natsrɔ̃ eƒe nuwo katã gbidigbidi, megave enu o; ke boŋ wu ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩewo, nyiwo kple alẽwo, kposɔwo kple tedziwo siaa!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa